Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Yohanes 2:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye ŋugbedodo, si eya ŋutɔ ɖo na mí la, eya nye agbe mavɔ la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Eye nu si ƒe ŋugbe wòdo na mí lae nye agbe mavɔ la.

Gade chapit la Kopi




1 Yohanes 2:25
25 Referans Kwoze  

eye nye la mena agbe mavɔ wo, eye womele tsɔtsrɔ̃ ge akpɔ o, eye amea ɖeke mele woamawo xɔ ge sesẽ le asinye o.


bena mí amesiwo wotso afia na to eƒe amenuveve me la, míazu agbe mavɔ ƒe domenyilawo le nukpɔkpɔ la nu.


eye midzra mia ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, anɔ lalam na mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ la bena agbe mavɔ.


Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la; wò asi nasu agbe mavɔ, si ta woyɔ wò ɖo, eye nèʋu emeʋuʋu nyui le ɖaseɖila geɖewo ƒe ŋku me la dzi.


elabena agbe la da, eye míekpɔe, eye míeɖia ɖase le eŋuti, eye míeɖea gbe ƒã agbe mava, si le Fofoa gbɔ, eye wòɖe eɖokui ɖe go fia mí la fia mi —


ɖe agbe mava ƒe nukpɔkpɔ ŋu, si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme;


bene alesi ke nuvɔ̃ la ɖu fia ɖe ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fía to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ dzi.


Amesiwo tsɔa dzidodo le dɔ nyui wɔwɔ me dia ŋutikɔkɔe kple bubu kple nu magblẽmagblẽ la, woana agbe mavɔ wo;


Eye menya bena, eƒe se la enye agbe mavɔ. Eyaŋuti nusiwo ƒe nu meƒona, abe alesi Fofo la gblɔ nam ene la, nenema me, ƒoa nui.


Simon Petro ɖo ŋu nɛ bena: Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.


Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.


eye woaƒo kesinɔnuwo nu ƒu na wo ɖokui, si anye gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.


Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wonoa nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔe se la, agbe mavɔ le esi.


Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.


Miele ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito; elabena miesusu bena, miekpɔa agbe mavɔ le wo me, eye woamawo nye nusiwo le ɖase ɖim le ŋutinye;


eye wòado kpo teƒeɖoɖo geɖe xɔxɔ awu le ɣeyiɣi sia me kple agbe mavɔ la xɔxɔ le xexe, si lava va la me o.


Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ.


Ke esia ŋuti wokpɔ nublanui nam, bena Yesu Kristo naɖe eƒe dzigbɔgbɔɖi blewu katã afia le menye gbã, bene wòanye kpɔɖeŋu na amesiwo katã le edzi xɔ ge ase hena agbe mava la.


Elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe Gbɔgbɔ me la, aŋe agbe mavɔ atso Gbɔgbɔ me.


Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.


bena amesiame, si xɔa edzi sena la, nakpɔ agbe mavɔ.


Elabena esiae nye Fofonye la ƒe lɔlɔ̃nu, bena amesiame, si le Via kpɔm, eye wòle edzi xɔm le sesem la, akpɔ agbe mavɔ, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite