Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Yohanes 2:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye eya kee nye avuléle le miaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía to ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Eyae nye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye menye míawo ɖeɖe ko tɔ tae o, ke boŋ ɖe xexea me blibo la ƒe nu vɔ̃wo hã ta.

Gade chapit la Kopi




1 Yohanes 2:2
17 Referans Kwoze  

Eye míawo miekpɔe, eye míeɖia ɖase bena, Fofo la do Via ɖo ɖa, be wòanye xexeame xɔla.


Elabena Kristo hã kpe fu le nuvɔ̃wo ŋuti zi ɖeka, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔ teƒe, bene wòakplɔ mí ayi Mawu gbɔ; esime wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome;


Esia me lɔlɔ̃ la le: Menye bena míawo mielɔ̃ Mawu o, ke boŋ bena eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via ɖo ɖa, bena wòanye avuléle le mía nuvɔ̃wo ta.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la.


eye wogblɔ na nyɔnua bena: Azɔ menye le wò nuƒoƒo ŋuti miexɔe se ɖo o; elabena mía ŋutɔwo miese, eye mienya bena, ame siae nye xexeame xɔla vavã.


ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.


Eye nye la, ne woakɔm ɖe dzi tso anyigba dzi la, mahe amewo katã ava nye ŋutɔ gbɔnye.


Míenyae bena, Mawu me míetso, eye xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖi to la me.


Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame kalẽ blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.


Ke wòatsɔ gbɔ̃tsu, si dzi Asasel ƒe dzidze dze la, ado Yehowa ŋku me agbagbe, eye wòaɖe nuvɔ̃ atrɔ ɖe edzi anyae aɖo ɖe Asasel gbɔ le gbedzi.


Eyata ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta.


Eye mienyae bena, eyama ɖe eɖokui fia, bene yeatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ayii, eye nuvɔ̃a ɖeke mele eya me o.


Eye ɖɔla la gblɔ bena: Aƒetɔ, wowɔ se, si nède la dzi, eye gake nɔƒe gali.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite