1 Yohanes 2:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191319 Mia dome wodo tso; gake womenye mía dometɔwo o; elabena ɖe wònye mía dometɔwo wonye la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa; ke ɖe wodo, bene woaɖe wo afia bena, menye wo katãe nye mía dometɔwo o. Gade chapit laAgbenya La19 Wodo go dzo le mía dome, gake le nyateƒe me la, womenɔ mía dome le woƒe dziwo me o. Nenye mía dometɔ aɖewoe wonye vavã la, anye ne wotsi anyi, eye womedzo le mía gbɔ o. Woƒe dzodzo fia kɔtɛe be wo dometɔ aɖeke menɔ mía dzi o. Gade chapit la |