Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Yohanes 2:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Viwo, ɣeyiɣi mamletɔe, eye abe alesi miese be, Kristo ƒe futɔ la gbɔna ene la, nenema ke Kristo ƒe futɔ geɖewo tsi tre azɔ: eya me míedze sii le bena, ɣeyiɣi mamletɔ lae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Vi lɔlɔ̃awo, míege ɖe gaƒoƒo mamlɛatɔ me: eye abe ale si miese xoxo be Kristo ƒe futɔ la gbɔna vava ge ene la, fifi laa la, Kristo ƒe futɔ geɖewo va ɖo xoxo. Esiae na be míenya be gaƒoƒo alo ɣeyiɣi mamlɛtɔ ɖo.

Gade chapit la Kopi




1 Yohanes 2:18
24 Referans Kwoze  

eye gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si meʋua Yesu me o la, metso Mawu gbɔ o; eye esia nye Kristo ƒe futɔ la ƒe gbɔgbɔ, si ŋkɔ miese bena, egbɔna, eye azɔ la ele xexeame xoxo.


Elabena ameblela geɖe, siwo meʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me o la, do go yi ɖe xexeame. Esiae nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la.


Amekae nye aʋatsokala, ne menye amesi sẽ nu bena, Yesu menye Kristo o lae oa? Amesi ke gbe nu le Fofo la kple Vi la gbɔ la, eyae nye Kristo ƒe futɔ la.


Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tre, eye woafia dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo hã.


Elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔa dzi agblɔ bena: Nye enye Kristo; eye woaɖu ame geɖewo.


Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame.


Ame geɖewo ava le nye ŋkɔa dzi agblɔ bena: Nyee nye si! Eye woaflu ame geɖewo.


Ke aʋatsonyagblɔɖilawo va tsi tre le dukɔ la dome, abe alesi aʋatsonufialawo lava míawo hã mia dome ene, amesiwo latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ, eye woahe gbegblẽ kpatakpata ava wo ɖokui dzi.


Eye aʋatsonyagblɔɖila geɖewo atsi tre ahaflu ame geɖewo.


alesi wogblɔ na mi bena: Le nuwuwu ɣeyiɣiawo me la fewuɖula, siwo zɔna le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzro vlowo nu la le vava ge.


Minya esia gbã bena, le ŋkeke mamleawo dzi la fewuɖulawo lava kple fewuɖuɖu, amesiwo zɔna le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu,


amesi wòɖo nuwo katã ƒe domenyila, amesi hã dzi wòto wɔ xexeame,


amesi wonya ɖi tsã, hafi woɖo xexeame gɔme anyi; gake woɖee ɖe go fia le ɣeyiɣia ƒe nuwuwu le mia ta,


amesiwo ŋu wodzo le Mawu ƒe ŋusẽ me to xɔse me hena xoxo, si su te, bene woaɖee afia le ɣeyiɣi mamletɔ dzi,


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Ɖeviwo lee, lã mele mia si o mahã? Woɖo ŋu nɛ bena: O!


Eye miwɔ esia, elabena mienyã ɣeyiɣi la kɔte bena, gaƒoƒo la de vɔ bena, miafɔ tso alɔ̃ me; elabena azɔ la agbexɔxɔa tu mi wu tsã, esime miexɔ se la.


Zã la va yi vɔ, eye ŋu le kekem! Azɔ la minɛ miaɖe viviti me dɔwɔwɔwo ɖa, eye miado kekeli ƒe aʋawɔnuwo!


Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite