Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Timoteo 6:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ke amesiwo si aƒetɔ xɔsetɔwo le la, womagaɖo vlo wo, le esi wonye nɔviwo la ŋuti o, ke boŋ woasubɔ wo vevie wu; elabena amesiwo kpea woƒe dɔ nyui wɔwɔ ƒe viɖe la, wonye xɔsetɔwo kple lɔlɔ̃tɔwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Ne woƒe aƒetɔ nye kristotɔ la, esia menye mɔnukpɔkpɔ be woawɔ alɔgblɔdɔ le woƒe dɔwɔnawo ŋuti o; ke boŋ ele be woagawɔ dɔ ɖe edzi wu, elabena wole kpekpeɖeŋu nam wo nɔvi xɔsetɔ lɔlɔ̃tɔwo kple woƒe ŋusẽ. Timoteo, fia nyateƒenya siawo, eye nàdo ŋusẽ ame sia ame be wòawɔ ɖe wo dzi.

Gade chapit la Kopi




1 Timoteo 6:2
31 Referans Kwoze  

Mi aƒetɔwo la, miwɔ nusi dzɔ, eye wòsɔ la, na miaƒe dɔlawo, esi mienyae bena, Aƒetɔ li na miawo hã le dziƒo la ta.


De nusiawo ƒe se, eye nafia wo.


Nenema ke drɔ̃ekula siawo hã ƒoa ɖi ŋutilã, eye woɖoa vlo aƒetɔnyenyewo, eye wogblɔa busunya ɖe ŋutikɔewo ŋuti.


ke vevietɔ amesiwo zɔna le ŋutilã nu le makɔmakɔnyenye ƒe nudzodzro la me, eye wodoa vlo aƒetɔnyenye la. Ame mabunuwo, ɖokuiŋudzelawo kple amesiwo medzona nyanyanya, ne wogblɔ busunya ɖe ŋutikɔkɔewo ŋuti la o,


Hamemegã, siwo le mia dome la, nye, amesi nye mia ha-ha-memegã kple Kristo ƒe fukpekpewo ɖaseɖila kple ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go la hã gomekpɔla la, mele nu xlɔ̃m mi be:


Elabena míezu Kristo ƒe gomekpɔlawo, nenye be, míalé miaƒe dzideƒo ƒe gɔmedzedze me ɖe asi sesĩe halase nuwuwu la.


Eyaŋuti, nɔvi kɔkɔewo, dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo: Mibu miaƒe xɔsemeʋuʋu ƒe ame dɔdɔ kple nunɔlagã Yesu la ŋuti,


Nyateƒenya wònye, eye mele ɖiɖim be, wò la naka ɖe nusiawo dzi, bena amesiwo xɔ Mawu dzi se la, nado vevie anɔ dɔ nyui wɔwɔwo dzi. Nusiawo nyo, eye wonye viɖenu na amewo.


Gblɔ nusiawo, eye naxlɔ̃ nu, eye naka mo kple ŋusẽ katã! Megana amea ɖeke nado vlo wò o!


Ke wò la gblɔ nusiwo dze nufiafia, si le blibo,


Megawo ɖe ame tsitsi ta o, keboŋ xlɔ̃ nui abe fofo ene, ɖekakpuiwo abe nɔviŋutsuwo ene,


Ele na mí bena, míada akpe na Mawu ɖaasi le mia ta, nɔviwo, abe alesi dze ene; elabena miaƒe xɔse tsina ŋutɔ, eye mi katã mia dome amesiame ƒe lɔlɔ̃, si mietsɔna lɔ̃a mia nɔewo la, sɔa gbɔ ɖe edzi,


esime miese miaƒe Kristo Yesu dzixɔse kple lɔlɔ̃, si mietso lɔ̃ ame kɔkɔewo katã la,


woŋlɔ ɖo ɖe ame kɔkɔe, siwo le Kolose kple nɔvi, siwo nye xɔsetɔwo le Kristo me la: Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu, mía Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbã la, woana mi!


bena trɔ̃subɔlawo zu ŋugbedodo ƒe domenyilawo kple hadelawo kple gomekpɔlawo le Kristo Yesu me to nyanyuie la me,


Esiaŋuti nye hã, esime mese xɔse, si le mia si le Aƒetɔ Yesu me la, kple miaƒe lɔlɔ̃, si mietsɔ lɔ̃ ame kɔkɔeawo katã ŋutinya la,


Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, ŋlɔ ɖo ɖe ame kɔkɔewo kple xɔsetɔwo le Kristo Yesu me le Efeso:


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Ke ne wòŋe alɔwo dome ɖewo ɖa, eye wò, si nye gbemiti la, wotsɔ wò do ɖe wo dome, eye nèkpɔ amiti la ƒe kè kple eƒe atimetsi ƒe gome kpli wo la,


Elabena amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome.


Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.


Ke miawo la migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwò mienye.


Amea ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.


Eye wokpe ta ɖe Mose kple Aron ŋu hegblɔ na wo bena: Mia tɔ do ɖoɖo akpa! Ha blibo la le kokoe, eye Yehowa le wo dome tso, nukaŋuti miawo miele mia ɖokui dom ɖe dzi le Yehowa ƒe dukɔ la dome ale?


Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite