Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Timoteo 6:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke wò la, oo Mawu ƒe ame, si le nusiawo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dziɖoɖo, dɔmefafa yome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Ke wò, Mawu ƒe ame, si le nu siawo katã nu, eye nàti dzɔdzɔenyenye, mawuvɔvɔ̃, xɔse, lɔlɔ̃, tenɔnɔ kple bɔbɔenyenye yome.

Gade chapit la Kopi




1 Timoteo 6:11
40 Referans Kwoze  

Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe de amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.


bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.


Megana amea ɖeke naɖo vlo wò ɖekakpuinyenye o, ke boŋ nanye kpɔɖeŋu na xɔsetɔwo le nya me, le anyinɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le gbɔgbɔ me, le xɔse me, le dzadzɛnyenye me.


Midi ŋutifafa na amewo katã kple kɔkɔenyenye hã yome; elabena amea ɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la, ne nusia mele eŋu o.


Eyata, nye lɔlɔ̃tɔwo, misi le trɔ̃subɔsubɔ la nu!


nete ɖa le vɔ̃ ŋu, eye wòawɔ nu nyui; nedi ŋutifafa, eye woati eyome.


Misi le ahasiwɔwɔ nu! Nuvɔ̃ sia nuvɔ̃, si ame wɔna la, menye eƒe ŋutilã me wòle o, ke ahasiwɔla wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti.


Kpɔ wò aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple wò nuyiwo dzi, ne womagagblɔ alakpanya o!


amesi kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti; ne enyia viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋuti, ne ekpena ɖe fukpelawo ŋuti, ne enɔa ɖo nyui sia do nyui wɔwɔ yome.


Miti lɔlɔ̃ yome; ke midi gbɔgbɔ me nuwo vevie: vevietɔ bena miagblɔ nya ɖi.


Eyata azɔ minɛ míanɔ nusiwo nye ŋutifafatɔ kple nusiwo woatsɔ atu ame nɔewo la yome?


Mi amesiwo tia dzɔdzɔenyenye yome, mi amesiwo dia Yehowa la, miɖo tom! Miɖe ŋku ɖe agakpe, si wotsɔ wɔ mi, kple vudoʋe, si me woɖe mi tsoe.


Ke nye futɔwo le agbe, eye ŋusẽ le wo ŋu; amesiwo lé fum yakatsyɔ la, sɔ gbɔ.


Mawu ƒe ame Elisa ƒe ɖekakpui Gexazi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ gbe nusi Aramtɔ Naeman tso vɛ la, xoxo le esi. Meta Yehowa ƒe agbe: Ne nyemaƒu ɖu adze eyome aɖaxo nane le esi o fi!


Oo, Timoteo! Dzra nusi wode asi na wò la ɖo; gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia,


yi Yehowa ƒe me ɖe Mawu ƒe ame Yigdalya vi Xanan viwo ƒe xa, si xe ɖe amegãwo ƒe xɔ ŋu le kpuinudzɔla Salum ƒe vi Maaseya ƒe xɔ ƒe dzigbe gome la me.


Eɖo nunɔlawo ƒe hawo woƒe subɔsubɔdɔwo nu, le fofoa Dawid ƒe ɖoɖo la nu kple Lewi-viwo woƒe dɔwo nu, ne woakafu, eye woasubɔ le nunɔlawo gbɔ, le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, kple agbonudzɔlawo ƒe hawo ɖe agbo sia agbo nu, elabena alea Mawu ƒe ame Dawid de se gblɔ.


Eye wògblɔ be:, Ŋkuɖodzinu ka enye kem kpɔm mele? Duametɔwo ɖo ŋu nɛ bena: Mawu ƒe amesi tso Yuda va ɖe gbe ƒã nusiwo newɔ ɖe vɔsamlekpuia ŋu le Betel la ƒe yɔdoe.


Egadɔ ame blaatɔ̃wo ƒe amegã kple eƒe ame blaatɔ̃wo ɖa zi etɔ̃lia. Eye ame blaatɔ̃wo ƒe amegã etɔ̃lia yi ɖadze klo ɖe Eliya ŋku me ƒo koko nɛ gblɔ nɛ bena: Taflatse, Mawu ƒe ame, na nye agbe kple wò dɔla blaatɔ̃ siawo ƒe agbe naxɔ asi le ŋkuwò me.


Eye wòdo ame blaatɔ̃wo ƒe amegã kple eƒe ame blaatɔ̃awo. Esi wòva egbɔ la, kpɔ ɖa, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe to la ta me. Eye wògblɔ nɛ bena: Mawu ƒe ame, fia be: Ɖi va!


Tete Mawu ƒe ame va gblɔ na Israel-fia bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi Aramtɔwo be Yehowa enye to dome mawu, eye menye gbadzaƒe-mawu o la, eyata matsɔ ameha gã geɖe sia ade asi na wò, ne miadze su be, nyee nye Yehowa.


Tete wògblɔ na Eliya bena: Mawu ƒe ame! Nya ka le mia kpli wò dome? Ɖe nèva gbɔnye, be naɖo ŋku nye nuvɔ̃wo dzi, eye nawu vinyea?


Eye Mawu ƒe amea ɖe va Eli gbɔ gblɔ nɛ bena: Yehowa ƒe gbe enye si: Meɖe ɖokuinye fia fofowò ƒe aƒe, le esime wonye kluviwo le Farao ƒe me le Egipte.


Eye esi nyagblɔɖila, si ɖagbugbɔe tso mɔ ta gbɔe la, see la, egblɔ bena: Eya nye Mawu ƒe ame, si gbe toɖoɖo Yehowa ƒe gbe, eyata Yehowa tsɔe ɖe asi na dzata, eye wòvuvui hewui le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ nɛ la nu.


Ke esime Yerobeam le tsitre ɖe vɔsamlekpui la dzi, be yeado dzudzɔ la, kpɔ ɖa, Mawu ƒe amea ɖe tso Yuda va Betel le Yehowa ƒe nya la nu.


Eɖo ŋu nɛ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe amea ɖe le du keme me, eƒe ŋkɔ nya, eye nusianu, si wogblɔna la, vaa me. Eyata na miayi afima, ɖewohĩ afia mɔ, si míato la mí.


Esia nye yayra, si Mose, Mawu ƒe ame la, tsɔ yra Israel-viwo hafi ku.


Nya dzɔdzɔe yome kokoko nadi, ne nanɔ agbe, eye naxɔ anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la wòanye tɔwò.


Nɔvia, siwo nye. Semaya, Azareel, Milalai, Gilalai, Maai, Netaneel, Yuda kple Xanani la wole Mawu ƒe ame Dawid ƒe hadzinuwo ɖe asi, eye agbalẽfiala Ezra dze wo ŋgɔ.


Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo nye; Xasabya, Serebya kple Yesua, Kadmiel vi; eye wo nɔyiwo tsi tre ɖe wo kasa, be woakafu, eye woada akpe le Mawu ƒe ame Dawid ƒe sedede nu, ameha ɖe ameha yome.


Woyɔ Mawu ƒe ame Mose ƒe viwo ɖe Lewi ƒe to la me.


Tete nyɔnu la gblɔ na Eliya bena: Azɔ medze sii bena, Mawu ƒe amee nènye, eye Yehowa ƒe gbe, si le nuwò la, nye nyateƒe.


Ame vɔ̃ɖi ƒe zɔzɔme enye ŋunyɔ na Yehowa: ke elɔ̃a amesi tia dzɔdzɔenyenye yome?


Ke mía Aƒetɔ ƒe amenuveve sɔ gbɔ geɖe ŋutɔ le xɔse kple lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu me la me.


Eyata ne amea ɖe klɔ eɖokui keŋ tso nu mawo me la, anye goe, si ŋu bubu le, si ŋuti kɔ, si nyo na aƒeatɔ ƒe ŋuɖɔwɔwɔ, si wodzra ɖo ɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.


Ke wò la èdze nye nufiafia, nye agbenɔnɔ, nye tameɖoɖo, nye xɔse, nye dzigbɔgbɔ blewu, nye lɔlɔ̃, nye dzidodo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite