Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Timoteo 6:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ame alesi nu le dɔlanyenye ƒe kɔkuti te la, nabu woa ŋutɔwo ƒe aƒetɔwo be, wodze bubu katã, bena woagagblɔ busunya de Mawu ƒe ŋkɔ kple nufiafia la ŋuti o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Kluvi siwo nye kristotɔwo la nawɔ dɔ na woƒe aƒetɔwo kple ŋusẽ, eye woabu wo; mègana woagblɔ tso Kristo ƒe hadɔwɔlawo ŋuti be wonye kuviatɔwo o. Mègana Mawu ƒe ŋkɔ alo eƒe nufiafia nazu alɔmeɖenu le nu sia ta o.

Gade chapit la Kopi




1 Timoteo 6:1
35 Referans Kwoze  

woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒe me dɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo, eye woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔ wo srɔ̃wo, bena woagagblɔ busunya ɖe mawunya la ŋuti o.


Elabena le miawo ŋuti la wogblɔa busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti le trɔ̃subɔlawo dome, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.


esi dzitsinya nyui le mia si, bene nusi me wogbɔ nya vɔ̃ de mia ŋuti le abe vɔ̃wɔlawo ene la, woado ŋukpe amesiwo do vlo miaƒe agbenɔnɔ nyui, si le Kristo me la.


eye miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.


Ablɔɖenyenye ŋuti Kristo wɔ mí ablɔɖeviwo ɖo. Eyaŋuti minɔ tsitre sesĩe, eye migana woade kluvinyenye ƒe kɔkuti ko na mi o!


Azɔ nukaŋuti miele Mawu tem kpɔ be, miatsɔ kɔkuti, si mia fofowo kple mia ŋutɔwo hã miete ŋu tsɔ o la, aku nusrɔ̃lawo ƒe kɔa?


Eye wogblɔ bena: aʋafia Kornelio, ame dzɔdzɔe kple amesi vɔ̃a Mawu, amesi ŋuti Yuda-dukɔ blibo la katã ɖi ɖase nyuie le la, eya mawudɔla kɔkɔea ɖe de se na be, nedɔ, ne woayi ɖayɔ wò va eƒe me, bena wòase nyawo tso gbɔwò.


Ke esi dɔla, si ƒo nu kplii la; dzo la, eyɔ eƒe dɔlawo dome ame eve kpe ɖe asrafoa ɖe, si vɔ̃a Mawu la ŋu, tso amesiwo dzɔ a eŋu la dome;


Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Womate ŋu axe mo na nuɖiaɖiawo ƒe vava o; gake baba na amesi dzi woato ava.


Elabena ye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.


Vi ɖea bubu fofoa ŋu, eye kluvi dea bubu eƒe aƒetɔ ŋu mi nunɔla, siwo ɖoa vlo nye ŋkɔ la, ale Yehowa Zebaot gblɔ na mi enye si: Nenye Fofo menye la, afika nye bubu le, eye nenye Aƒetɔ menye la, afika vɔvɔ̃, si le ŋunye la le? Eye ne miegblɔ be: Nuka mietsɔ do vlo wò ŋkɔe ha la?


Eyata mele didim bena, ahosi, siwo metsi haɖe o la, naɖe srɔ̃, adzi viwo, akpa woƒe aƒewo dzi, bene woagaɖe mo na adikãtɔ la, ne wòadzu hame la o.


Migazu nukikli na Yudatɔwo kple Helatɔwo kple Mawu ƒe hame la o;


Ekema nukaŋuti gɔ̃e mieɖo go ɖo? Alo nyagblɔɖila kpɔ gea? Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Ewu nyagblɔɖila hã.


Eye makɔ nye ŋkɔ gã, si wodo gui le dukɔwo dome, esi miawo miedo gui le wo dome la ŋuti, eye dukɔwo adze sii bena, nyee nye Yehowa, ne mekɔ ɖokuinye ŋu le wo ŋku me ɖe mia ŋuti, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Eye esi wova dukɔwo dome la, wodo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la, le afisiafi, si woyi, ale be wole gbɔgblɔm le wo ŋu bena: „Yehowa ƒe dukɔe nye esia, eye eƒe anyigba dzi woɖu tso“


Ɖe menye esia nye nutsitsidɔ, si melɔ̃na la oa be, woaɖe ga madzɔmadzɔwo, woatu kɔkuti ƒe kawo, woana ablɔɖe amesiwo wote ɖe anyi, eye míaŋe kɔkutiwo katã,


Yehowa be: Azɔ dɔ ka le ŋunye le afi, esi wokplɔ nye dukɔ dzoe yakatsyɔ? Yehowa be, wo dziɖulawo le aseye tsom, eye wole alɔme ɖem le nye ŋkɔ ŋu gbeawotsyogbe ɖaa.


Medo dɔmedzoe ɖe nye dukɔ ŋu, medo gu nye domenyinu, eye metsɔ wo de asi na wò; ke mèkpɔ nublanui na wo o, eye nètsɔ wò kɔkuti kpekpe do amegã ɖeɖiwo dzi.


Eye Lewi-viwo, siwo nye Yesua, Kadmiel Bani, Xasabneya, Serebya, Hodiya, Sebanya kple Petanya, wogblɔ bena: Mitso, ne miakafu Yehowa mia Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe, si ƒo kafukafu kple ŋkɔxɔxɔwo katã ta.


Tete eƒe dɔlawo va egbɔ ƒo nu kplii gblɔ bena: Mía fofo, ne nyagblɔɖila gblɔ nu sesẽa ɖe na wò la, màwɔe oa? Kakaka wògblɔ na wò be: Ɖale tsi, ne ŋuwò nakɔ!


Ke esi newɔ nusia, eye nena Yehowa ƒe futɔwo kpɔ fewuɖunu la, eyata ŋutsuvi, si wodzi na wò la, aku.


eyata dɔ kple tsikɔ awu wò, atsi amama, eye hiã atu wò le nu geɖewo me, gake hafi nagasubɔ wò futɔ, siwo Yehowa dɔ ɖe ŋuwò la, eye woade gakɔkuti kɔ na wò, vaseɖe esime woatsrɔ̃ wò avɔ.


gblɔ bena: Woakafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, amesi meŋlɔ nye aƒetɔ be le enu veve kple nuteƒewɔwɔ nɛ me o la. Elabena Yehowa fia mɔm, eye wòkplɔm va nye aƒetɔ nɔviwo gbɔe.


Eye wòdo gbe ɖa gblɔ bena: Yehowa, ye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu! Meɖe kuku, na wòadze edzi nam egbea, eye nave nye aƒetɔ Abraham nu!


Eye Abraham gblɔ na eƒe dɔla tsitsitɔ, si kpɔa eƒe nuwo katã dzi bena. Tsɔ wò asi ɖo nye ali me,


Eye Yehowa ƒe ɖɔla la gblɔ nɛ bena: Trɔ yi wò aƒenɔ gbɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe ete!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite