Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Timoteo 5:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke ne amea ɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevitɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒe me ŋuti o la, mekpɔ mɔ be wòayɔ eɖokui be xɔsetɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃ hã nyo wu ame sia tɔgbi.

Gade chapit la Kopi




1 Timoteo 5:8
19 Referans Kwoze  

Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.


Mikpɔ ɖa, esiae nye zi etɔ̃lia medzra ɖokuinye ɖo bena, mava mia gbɔ, eye nyemanye agba na mi o; elabena nyemele miaƒe nuwo dim o, ke mia ŋutɔwo dim mele boŋ. Elabena medze bena, viwo natu nuwo ɖo na wo dzilawo o, hafi dzilawo natu nuwo ɖo na viwo boŋ.


naka wò abolo na dɔwuitɔ, eye nakplɔ ame dahe, siwo le tsaglãla tsam la, ayi aƒewò mee, ne èkpɔ amea ɖe amama la, nata avɔ ne, eye màgaɣla ɖokuiwò ɖe wò ŋutɔ wò ŋutilã o.


Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wòwɔa ɖeke kura o.


Azɔ ne mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo la, mienya alesi miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo, si le dziƒo la, mana nu nyuiwo amesiwo bianɛ la, awu mi o mahã?


amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!


Nusi le asiwò hafi meva la, ele sue ko; ke azɔ la edzi ɖe dzi ŋutɔ, eye afisiafi, si meto la, Yehowa yraa wò; ke ɣekaɣi gɔ̃e nye hã mawɔ dɔ na ɖokuinye?


Menya wò dɔwɔwɔwo! Kpɔ ɖa, metsɔ ʋɔtru, si le nuvo la, ɖo ŋkuwò me, eye amea ɖeke mate ŋu atui o; elabena ŋusẽ ʋeea ɖe koe le asiwò, eye nèlé nye nya la me ɖe asi, eye megbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o?


Menya wò dɔwɔwɔwo kple afisi nenɔna, afisi Abosam ƒe zikpui le, eye nèlé nye ŋkɔ me ɖe asi sesĩe, eye mèsẽ nu le dzinye xɔxɔse ŋuti le ŋkeke, siwo me ke wowu Antipa, si nye nye ɖaseɖila nuteƒewɔla le mia dome, afisi Abosam nana la o.


Ke aʋatsonyagblɔɖilawo va tsi tre le dukɔ la dome, abe alesi aʋatsonufialawo lava míawo hã mia dome ene, amesiwo latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ, eye woahe gbegblẽ kpatakpata ava wo ɖokui dzi.


Ɖe nyemeva ƒo nu kpli wo o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la taflatsedodoa ɖeke mele wo si le woƒe nuvɔ̃ ŋuti o.


Elabena amea ɖewo va tra ɖe eme dzaa, amesiwo woŋlɔ ɖi tso blema ke hena ʋɔnudɔdrɔ̃ sia: Ame mavɔ̃mawuwo, amesiwo trɔa mía Mawu ƒe amenuveve yina ɖe agbe baɖa nɔnɔ me, eye wogbe nu le mia dziɖula kple Aƒetɔ ɖeka, Yesu Kristo la gbɔ.


Alo aleke Kristo kple Belial asɔa? Alo gome kae li na xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔa?


Ke ne meɖo to woawo hã o la, yi ɖagblɔe na hame la, eye ne meɖo to hame la hã o la, na ne wòano na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.


Ke nɔvi hea nɔvi yia ʋɔnu boŋ, eye wòwɔa esia le dzimaxɔsetɔwo ŋku me.


ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite