Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Timoteo 5:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke nyɔnu, si nye ahosi vavã, eye amea ɖeke meli nɛ o la, tsɔa eƒe mɔkpɔkpɔ ɖoa Mawu dzi, eye wònɔa kukuɖeɖewo kple gbedodoɖawo dzi zã kple keli.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Hame la nekpɔ ahosi dahe siwo tsi akogo le xexea me la dzi nenye be wole Mawu sinu kpɔm be wòakpe ɖe yewo ŋuti, eye wole gbe dom ɖa atraɖii,

Gade chapit la Kopi




1 Timoteo 5:5
27 Referans Kwoze  

Bu ahosi, siwo nye ahosi vavãwo!


eye wònye ahosi, si xɔ ƒe blaenyi vɔ ene, eye medzona le mawuƒe la me o hele Mawu subɔm kple nutsitsiɖɔ kpakple kukuɖeɖe zã kple keli.


Elabena nenema ke nyɔnu kɔkɔewo hã, amesiwo kpɔ mɔ na Mawu la, wɔ leke na wo ɖokui tsã, eye wobɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔwo srɔ̃wo,


Ke ne ahosiwo le ŋutsu xɔsetɔa ɖe alo nyanu xɔsetɔa ɖe si la, wòakpe ɖe wo ŋuti, eye woaganye agba na hame la o, bene hame la nate ŋu akpe ɖe amesiwo nye ahosi vavãwo la ŋuti.


Ke mele didim be, miagakpɔ fuɖeɖea ɖeke o. Amesi meɖe srɔ̃ o la, léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ la, alesi wòawɔ adze Aƒetɔ la ŋu.


Eye wòdo lo na wo, le alesi wòle na wo be, woaɖo gbe ɖa ɖaa, eye ɖeɖi nagate wo ŋu o la ŋuti,


Atso eƒe fu atsyɔ dziwò eye eƒe aʋala fe nabe ɖo; akpoxɔnu gã kple ɖagbitɔ enye eƒe nyateƒe la.


Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta


Ke ɖe Mawu maɖe eƒe ame tiatia, siwo le ɣli ɖom nɛ ŋkeke kple zã, eye magbɔ dzi ɖi na wo o mahã?


Yehowa naɖo wò nuwɔwɔ teƒe na wò, eye fetu dedie le Yehowa, Israel ƒe Mawu, si ƒe aʋala te nèva sisi ge tso la, gbɔ na wò!


Nenema ke nyɔnu, si ɖe srɔ̃ la, kple ɖetugbi hã wole, nyɔnu, si si srɔ̃ mele o la, léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ la, bena wòanɔ kɔkɔe le ŋutilã kple gbɔgbɔ la me; ke nyanu, si ɖe srɔ̃ la, léa be na xexe sia me nuwo, alesi wòawɔ adze ŋutsu la ŋu.


eya nye bene, woafa akɔ nam le mia dome le xɔse, si nye mia kple mia tɔ siaa la me.


amesi me miekpɔ amenuveve kple apostolonyenye le na xɔse ƒe toɖoɖo le dukɔwo katã dome le eƒe ŋkɔ ŋuti,


esi míaƒe ƒome wuieve la le mɔ kpɔm na hele Mawu subɔm vevie zã kple keli, bena woasu wo si. Le mɔkpɔkpɔ sia la, fia Agripa, Yudatɔwo le nunye tsom ɖo esi.


Eɖo dzo ɖa tso dzi me ɖe nye ƒuwo me, eye wòɖi hã ɖe dzinye. Eɖo ɖɔ na nye afɔwo, wògbugbɔm ɖe megbe, ana mezu gbegbe, eye mele nuxaxa dzi ɖaa.


Wò konɔ, si medzi vi o, tso aseye; kpɔ dzidzɔ, eye nado aƒa, wò amesi melé ku kpɔ o! Yehowa be: Amesi tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu srɔ̃tɔ ƒe viwo.


Mia dometɔ, si vɔ̃a Yehowa la, neɖo to eƒe dɔla ƒe gbe; amesi le viviti me zɔm, eye kekelia ɖeke meklẽna nɛ o lã, neɖo dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòaziɔ ɖe eƒe Mawu ŋu.


Eye àgblɔ le wò dzi me be: Woɖe vi le ŋunye, eye metsi ko, wode aboyom, eye wonyãm de gbe tso, ameka dzi esiawo nam? Ameka nyi wo wotsi? Kpɔ ɖa, nye ɖeka ko wogblẽ ɖi, afika woawo ya no?


Kpɔ ɖa, Mawu enye nye xɔname, dzi le ƒonye, nyemavɔ̃ o; elabena nye ŋusẽ kple nye hadzidzi enye Yehowa, ẽ, Yehowa, eye eya zu nye xɔname!


Woƒe agbowo axa nu, woata konyi, eye woaɖi ƒuƒlu abɔbɔ nɔ anyigba.


Eye le ŋkeke siawo me, esime nusrɔ̃lawo le agbɔ sɔm la, liʋiliʋi ɖo Helatɔwo dome de Hebritɔwo ŋu, elabena wosaa woawo ƒe ahosiwo ɖi le gbesiagbe dzikpɔkpɔ la me.


Eye Petro tsi tre, eye wòyi kpli wo. Eye esi wòva la, wokplɔe yi ɖe dziƒoxɔa me, eye ahosiawo katã le tsitre ɖe egbɔ le avi fam hele awutewui kple awu ʋlaya, siwo Zi tɔ, esime woa kpli wo wonɔ anyi la, fiam.


Eye wòna asii hekɔe ɖe dzi; eye esi wòyɔ ame kɔkɔeawo kple ahosiawo ve la, etsɔe ɖo woƒe ŋku me agbagbee.


Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.


Azo mele nu xlɔ̃m le nuwo katã ŋgɔ be, woawɔ kukuɖeɖewo, gbedodoɖawo, nyaxɔxɔdeametawo, akpedadawo le amewo katã ta,


Meda akpe na Mawu, amesi mesubɔna, abe alesi menyae, tso tɔgbuitɔgbuinyewo gbɔ ene le dzitsinya dzadzɛ me, abe alesi nyemedzudzɔa ŋkuɖoɖo dziwò le nye kukuɖeɖewo me zã kple keli o ene —


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite