Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Timoteo 5:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Mele atam kam na wò le Mawu kple Kristo Yesu kpakple mawudɔla tiatiawo ŋku me bena, nalé nusiawo me de asi, eye amea ɖewo ƒe nu naganyo ŋuwò awu amea ɖewo o, eye megawɔ naneke alé go ɖeka me awu bubu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Mele se dem na wò moveviɖotɔe le Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo kple mawudɔla kɔkɔeawo katã ƒe ŋkume be nàwɔ nu sia ne hamemegã la nye xɔ̃wò vevi loo alo menye xɔ̃wò o. Ele be woatsɔ dzidzenu ɖeka ma ko na ame sia ame.

Gade chapit la Kopi




1 Timoteo 5:21
25 Referans Kwoze  

Elabena ne Mawu mekpɔ mawudɔla wɔnuvɔ̃wo ƒe nublanui o, ke wòtsɔ viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo hetu asi wo xlã ɖe dzomavɔʋe me, bena woadzra wo ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃;


Mele atam kam na wò, le Mawu kple Yesu Kristo, amesi le ʋɔnu drɔ̃ ge ame gbagbewo kple ame kukuwo le eƒe ɖeɖefia kple fiaɖuƒe me la, ƒe ŋku me:


Mele se ɖem na wò le Mawu, si gbɔa agbe nuwo katã, kple Kristo Yesu, si ɖi emeʋuʋu nyui ƒe ɖase le Pontio Pilato gbɔ la, ƒe ŋku me


Eye mawudɔla, siwo medzra woƒe amegãnyenye ɖo o, ke wogblẽ woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi la, wotsɔ kɔsɔkɔsɔ mavɔwo bla wo hedzra wo ɖo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.


Ɖo ŋu nusiawo na wo, eye naɖi ɖase na wo le Aƒetɔ la ŋku me, bene womagatsɔ nya awɔ dzre, si me viɖea ɖeke mele o la o, ke boŋ woblua nyaselawo ƒe tame.


Eyata tso esia dzi la míenya amea ɖeke le ŋutilã nu o; ne míenya Kristo gɔ̃ le ŋutilã nu hã la, azɔ la miegale enyam nenema o.


Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!


eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha, si wometɔtɔ kɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me o, eye woatsɔ dzo kple dzokpe ewɔ fui le mawudɔla kɔkɔeawo kple alẽvi la ŋku me.


Ke nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔna wogbea nya ne, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, medea vovo amewo dome o, alakpa mele eme o


Metà Aƒetɔ la na mi bena, miaxlẽ agbalẽ sia na nɔvi kɔkɔeawo katã.


Eye wobiae gblo bena: Nufiala, míenyae bena, nègblɔa nya, eye nefia nu ɖe eteƒe, eye mèkpɔa ame ŋku me o; ke boŋ nèle Mawu ƒe ma la fiãm le nyateƒe me.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Eyata nye hã meɖl gbɔ mi, eye mehɔhɔ mi ɖe dzi le dukɔ blibo la ŋku me; elabena mielẽ ŋku ɖe nye mɔwo ŋu o, eye miede ame dzi le nufiafia me.


Ame vɔ̃ɖi dziɖeɖe, ne woate ame dzɔdzɔe ɖe anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ me la, menyo o.


Na gɔmesesem, ne malé ŋku ɖe wò se la ŋu, eye malé eme ɖe asi tso dzi blibo me.


Amesi nye nunyala la, nelé ŋku ɖe esia ŋu, eye wòadze si Yehowa ƒe amenuveve!


Wogblɔ le wo fofo kple wo dada ŋu be, yewo mele wo kpɔm o; womedze si wo nɔviŋutsuwo o, eye womenya woƒe viŋutsuwo o; ke boŋ woɖo to wò nyawo, eye wolé wò nubabla me ɖe asi.


mitrɔ miaho, eye miayi Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, miayi woƒe aƒelika, siwo le tagba, towo dzi kple gbadzaƒe, dzíehe kpakple ƒu ŋu la Kanaanitɔwo ƒe anyigba dzi la gbɔ, eye miaɖo ta Libanon gbɔ ava se Frat tɔsisi gã la nu.


Migawɔ apasa le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Mígade ame dahe dzi o, eye migakpɔ amegãwo ŋku me o; ke boŋ mídrɔ̃ ʋɔnu mia nɔewo ɖe teƒe.


Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo la, Amegbetɔvi la akpe ŋu eya hã, ne ava le eya ŋutɔ kple Fofoa kple mawudɔla kɔkɔeawo ƒe ŋutikɔkɔe la me.


Eyome woatsɔ kpe bubuwo aɖo kpe kemeawo teƒe, eye woatsɔ anyi bubu atre xɔ lae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite