Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Timoteo 4:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Lé be na nusiawo, nɔ nusiawo dzi, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le nuwo katã me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Wɔ nunana siawo ŋu dɔ nyuie. Tsɔ ɖokuiwò ƒo ɖe wò dɔwɔwɔwo me, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔ wò tsitsiɖedzi kple ŋgɔgbeyiyi adze sii.

Gade chapit la Kopi




1 Timoteo 4:15
26 Referans Kwoze  

Nenema ke mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.


Meɖo ŋu blemaŋkekewo, mede ŋugble le wò nuwɔwɔwo kalã ŋu, eye mesusu wò asinudɔwɔwɔwo ŋu.


Nye susuwo avivi enu; nye la, Yehowa ŋu ko makpɔ dzidzɔ ɖo.


Ke miawo la miana gbedodoɖa kple nya la ƒe subɔsubɔ dzi.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wonye ɖaa.


Megaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, eye nabu eŋu zã kple keli, ne nalé nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi; elabena eya ko hafi dzɔgbenyuie anɔ mɔ dzi na wò, eye nusianu adze dzi na wò.


Ne ètsɔ nusiawo ɖo nɔviawo ŋku me la, anye Yesu Kristo ƒe subɔla nyui, si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia nyui, si yome nèdze la me.


Nye ŋkuwo le te hafi zãdzɔɣiwo ɖo, bene made ŋugble le wò nyawo ŋu.


Medze nunya wu nye nufialawo katã, elabena wò ɖaseɖiɖiwo nye nye ŋugbledede.


Mawu nye alɔ dzi ɖe wò se, siwo melɔ̃na la ŋu, eye made ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu.


Maɖe ŋugble le wò sededewo ŋu, eye maɖe ŋku ɖe wò mɔwo.


eye menye alesi míekpɔ mɔ la ɖeɖeko o, ke boŋ wotsɔ wo ɖokui na Mawu gbã kpakple míawo hã to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me,


Miɖo ŋu eƒe nukunu, siwo wòwɔ, eƒe dzesiwo kple eƒe nu me fiatsotsowo!


mi hahooawo kple amegãviwo, mi kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa!


Dzra wò dɔla ɖo tso dadalawo si me, ne womagaɖu aƒetɔ ɖe nanye o! Ekema fɔɖiɖi mana ŋunye o, eye madza tso vodada gãwo me.


Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwò — mienya Stefana ƒe aƒe la bena, eyae nye ŋgɔgbetɔ le Axaya, eye bena, woɖo wo ɖokui ame kɔkɔewo subɔlawo —


Ne amegãwo kpe ta, eye wole nu ƒom le ŋunye hã, wò dɔla dea ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu.


Yehowa ƒe nuwɔwɔwo anɔ ŋku dzi nam, ẽ, maɖo ŋkuwò blemanukunuwo dzi.


Nye luʋɔ aɖi ƒo, abe alesi woɖua ami kple lãmi ene, eye nye nu atsɔ aseyetsonuyiwo akafu wò.


ke boŋ fekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple kelí.


elabena mienya bena, amesi fɔ Aƒetɔ Yesu ɖe tsitre la, afɔ míawo hã kple Yesu, eye wòatsɔ mia kpli mi siaa atu tsitre afia.


Megawɔ ƒome le amenuvevenunana, si le mewo, si wona wò to nyagblɔɖi me, esime hamemegãwo da woƒe asiwo ɖe dziwò la ŋuti o.


Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.


Gake ate ŋu akpe asi ɖe nɔviawo ŋu, ne wole dɔ wɔm le Mawu ƒe agbadɔ la me, ke magawɔ dɔ bubua ɖeke o. Ale nana Lewitɔwo nawɔ woƒe ɖoe enye si.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite