Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Timoteo 3:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Nenema ke subɔlawo hã nalé wo ɖokui nyuie: Wòaganye aɖeveetɔwo o, wòaganye aha geɖe nolawo o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Nenema kee wòle na subɔlawo hã be woanye ame siwo ŋu bubu le kple nyateƒetɔwo, menye ahatsunolawo kple ame siwo tia viɖe ƒoɖiwo yome o.

Gade chapit la Kopi




1 Timoteo 3:8
17 Referans Kwoze  

Paulo kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dolawo, ŋlɔ ɖo ɖe ame kɔkɔe, siwo katã le Kristo Yesu me le Filipi la, kple dzikpɔlawo kple subɔlawo hã:


Nenema ke nyɔnu tsitsiwo hã nanɔ anyi, abe alesi wòdze nyɔnu kɔkɔewo ene: Wòaganye ameŋuzɔlawo o, wòaganye aha geɖe nola wo o; ke boŋ woanye nu nyui fialawo,


Megano tsi ɖeɖe o, ke boŋ no wein via ɖe le wò dɔgbo kple lãmegbegblẽ enuenu la ŋuti.


menye ahatsunola o, menye ameƒola o, ke ame fatu; menye gedila o, menye galɔ̃la o,


Ne mia kple viwòŋutsuawo miele Mawu ƒe agbadɔ la me yi ge la, migano wein alo aha muamea ɖeke o, bena miagaku o. Ɖoɖo mava wòanye na miaƒe dzidzimeviwo.


Nu kema ke me yayra kple fiƒode doa go lena! Nɔvinyewo, medze bena, nusiawo nanɔ nenema o.


Elabena ele na dzikpɔla bena, wòanye mokaka manɔŋutɔ, abe Mawu ƒe xɔnuvi ene; Wòaganye ɖokuiŋudzela o, wòaganye dɔmedzoetɔ o, wòaganye aha geɖe nola o, wòaganye ameƒola o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o;


Subɔlawo nanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, eye woakpɔ wo viwo kple woa ŋutɔwo ƒe aƒewo dzi nyuie.


Nunɔlaa ɖeke megano wein, ne ele xɔxɔnu metɔ yi ge o.


le esime Edomtɔ Doeg va to na Saul bena, Dawid le Abimelex ƒe me.


Yehowa, xɔ na ame, elabena mawumemewo nu tso, eye anukwaretɔwo bu le amegbetɔviwo dome!


Yehowa, kplɔm le wò dzɔdzɔenyenye la nu le nye ketɔwo ta; ta wò mɔ ɖe ŋgɔnye!


Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa;


Yɔdo, si le nuvo la, enye woƒe ve me, woƒe aɖewo gblɔa nya vivi ŋanɛŋanɛ; ƒliwo ƒe aɖi le woƒe nuyiwo me;


Eɖe ga wò nu ɖe nu vɔ̃ɖi ŋu, eye wò aɖe ɖa alakpa.


Azɔ la ele na dzikpɔla bena, mokaka naganɔ eŋu o: Wòanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, ɖokuidziɖula, ame ɖɔŋuɖo, nudzeamewɔla, amedzrowɔla, amesi nya nufiafia;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite