Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Timoteo 3:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke ele ne be, wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui atso amesiwo le egodo la hã gbɔ, bene wòagadze dzudzu kple Abosam ƒe mɔ̃tetre me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Ele na hamedzikpɔla be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui tso hamea godotɔwo hã gbɔ, ale be mage adze vlododo kple Abosam ƒe mɔ me o.

Gade chapit la Kopi




1 Timoteo 3:7
21 Referans Kwoze  

Elabena míaƒe tamesusuwo le nu nyui yome, menye le Aƒetɔ la ŋku me ɖeɖeko o, ke le amewo ŋku me hã.


eye woaganyɔ̃ avo atso Abosam, si lé wo aboyo, bene woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ƒe mɔ me mahĩ.


Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me, eye miwo ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo.


Ke amesiwo ɖina be, yewoayi kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsoa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me.


bene miazɔ nyuie de amesiwo le egodo la ŋuti, bene naneke nagahiã mi o.


Miena nuɖiaɖiaa ɖeke le naneke me o, bene womagaka mo na míaƒe subɔsubɔ la o,


Migazu nukikli na Yudatɔwo kple Helatɔwo kple Mawu ƒe hame la o;


Eyata, nɔviwo, miyi ɖadi mia dome ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖasediɖi nyui, eye woyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya la, amesiwo míaɖo ɖa sia nu.


wò nyagbɔgblɔ nana blibo, si womate ŋu abu fɔ o, bena ŋu nakpe amesi tsi tre ɖe eŋuti, le esi nyaa ɖeke mele esi be, wòagblɔ vɔ̃ ɖe mía ŋuti o la ta.


woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒe me dɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo, eye woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔ wo srɔ̃wo, bena woagagblɔ busunya ɖe mawunya la ŋuti o.


Miɖe mia ɖokui ɖa tso vɔ̃ sia vɔ̃ ƒomevi me!


Eyata mele didim bena, ahosi, siwo metsi haɖe o la, naɖe srɔ̃, adzi viwo, akpa woƒe aƒewo dzi, bene woagaɖe mo na adikãtɔ la, ne wòadzu hame la o.


Elabena nya kae le mia kple amesiwo le egodo la dome bena, madrɔ̃ ʋɔnu wo mahã? Alo miawo la, ɖe miedra ʋɔnu amesiwo le eme la gã oa?


Eye Anania, ŋutsua ɖe, si vɔ̃a Mawu le sea nu, amesi ŋu Yudatɔ, siwo katã le afima, ɖi ɖase nyuie le la,


Eye wogblɔ bena: aʋafia Kornelio, ame dzɔdzɔe kple amesi vɔ̃a Mawu, amesi ŋuti Yuda-dukɔ blibo la katã ɖi ɖase nyuie le la, eya mawudɔla kɔkɔea ɖe de se na be, nedɔ, ne woayi ɖayɔ wò va eƒe me, bena wòase nyawo tso gbɔwò.


Eye wògblɔ na wo bena: Miawo la wona mawufiaɖuƒe la ƒe nuɣaɣla mi; ke ame mawo, siwo le egodo la, wona nuwo katã wo le lododowo me,


Menyo o hee, vinyewo! Elabena nya, si Yehowa ƒe dukɔ la le gbɔgblɔm mese la, menye nya nyui wònye o!


Demetrio kpɔa ɖaseɖiɖi nyui tso amewo katã kple nyateƒe la ŋutɔ hã gbɔ, eye miawo hã míele ɖase ɖim le eŋuti, eye ènyae bena, míaƒe ɖaseɖiɖi enye nyateƒe.


Menye amesi ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o, bene wòagado eɖokui ɖe dzi, eye wòadze Abosam ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite