14 Mele nusiawo ŋlɔm na wò hele mɔ kpɔm be, mava gbɔwò kpuie;
14 Togbɔ be mele mɔ kpɔm be mava mia gbɔ kpuie hã la, mele nu siawo ŋlɔm na mi,
Ke dzra dzeƒe ɖo ɖi na nye hã; elabena mele mɔ kpɔm bena, to miaƒe gbedodoɖawo me la woatsɔm ake mi.
Ke ne ɖa le amea ɖe wum la, neɖu nu le aƒe me, bene miagava kpe ta hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o. Ke ne meva la, maɖo nusiwo susɔ la.
ke mele mɔ kpɔm bena, mava akpɔ wò ɖa kaba, eye ne mieɖo go ŋku me kple ŋku me la, míaƒo nu.
Nya geɖe gali be, maŋlɔ aɖo ɖe mi; gake nyemelɔ̃ be, matsɔ agbalẽ kple agbalẽŋlɔtsi aŋlɔ wo o, ke boŋ mele mo kpɔm be, mava mia gbɔ, eye ne mieɖo go ŋku me kple ŋku me la, míaƒo nu, bene miaƒe dzidzɔ nazu blibo.
Minyae bena, woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu; ne eva kaba la, mia kplii míakpɔ mi.
Nɔ agbalẽxexlẽ kple nuxɔxlɔ̃ kple nufiafia dzi, halase esime mava.
Eyata míedi be, míava mia gbɔ, nye Paulo la zi ɖeka kple zi eve hã: ke Satana xe mɔ na mí.
Elabena amesiwo subɔna nyuie la, wowɔa nɔƒe nyui na wo ɖokui, eye wokpɔa dzideƒo geɖe le xɔse, si le Kristo Yesu me la me.
ke ne metsi anyi la, ne nanya alesi dze wò be, nazɔ le Mawu ƒe aƒe, si nye Mawu gbagbe ƒe hame kple nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ la me.