13 Elabena womè Adam gbã, emegbe la Xawa?
13 Nu ka ta? Elabena Mawu wɔ Adam gbã hafi va wɔ Eva.
Eye Yehowa Mawu gblɔ bena: Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.
Tete Yehowa Mawu tsɔ agbaƒuti, si wòɖe le amea me la, wɔ nyɔnui, eye wòkplɔe va ame la gbɔe.
Azã Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.
Eye Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.
Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Mana nakpe fu geɖe le fufɔfɔ me, alé ku hafi àdzi vi, ke wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò.
Eye ame la tsɔ ŋkɔ na srɔ̃a bena Xawa, elabena eya ava nye ame gbagbewo katã dada.