Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Timoteo 2:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 ke nusi dze nyɔnu, siwo nua Mawu ƒe subɔsubɔ me la, enye be, woawo leke na wo ɖokui to dɔwɔwɔ nyuiwo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 ke boŋ kple nu nyui wɔwɔ si dze nyɔnu siwo ʋua eme be yewonye mawusubɔlawo.

Gade chapit la Kopi




1 Timoteo 2:10
15 Referans Kwoze  

eye miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.


Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò lɔlɔ̃ kple wò xɔse kple wo subɔsubɔdɔ kpakple wò dzidodo, eye bena wò dɔwɔwɔ mlɔetɔwo wu gbãtɔwo.


Eye nyɔnu-nusrɔ̃laa ɖe le Yope, amesi ŋkɔ nye Tabita, si gɔmee nye zi, eya la yɔ fũ kple dɔ nyui wɔwɔ kple dɔmenyonu, siwo wòwɔna.


Mitsɔ eƒe esi ƒe kutsetse nɛ, eye eƒe dɔwɔwɔwo akafui le dua me!


Azɔ esi woalólo nusiawo katã la, ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me,


Nyateƒenya wònye, eye mele ɖiɖim be, wò la naka ɖe nusiawo dzi, bena amesiwo xɔ Mawu dzi se la, nado vevie anɔ dɔ nyui wɔwɔwo dzi. Nusiawo nyo, eye wonye viɖenu na amewo.


Elabena eyama ƒe nuwɔwɔ míenye, wowɔ mí le Kristo Yesu me hena dɔ nyui wɔwɔ, siwo Mawu dzra ɖo ɖi, bene miazɔ le wo me la.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


Eye Petro tsi tre, eye wòyi kpli wo. Eye esi wòva la, wokplɔe yi ɖe dziƒoxɔa me, eye ahosiawo katã le tsitre ɖe egbɔ le avi fam hele awutewui kple awu ʋlaya, siwo Zi tɔ, esime woa kpli wo wonɔ anyi la, fiam.


Ŋusẽ kple atsyɔ̃ nye eƒe ava, eye ŋkeke ɖia kokoe nɛ.


Nenema ke nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me; menye kple ɖaƒoƒo vivivo kple sika alo adzagbawo alo awu xɔasi dodo o,


Nyɔnu la nasrɔ̃ nu le ɖoɖoezizi kple toɖoɖo katã me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite