Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Timoteo 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 hele didim be, yewoanye sefialawo, eye womenya nusiwo wogblɔna alo nusiwo dzi woka ɖo la gɔme o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Wodi be yewoaxɔ ŋkɔ abe Mose ƒe sefialagãwo ene, evɔ woawo ŋutɔ menya naneke gobii tso Mose ƒe seawo kple nu si wofiaa mí la ŋu hafi o.

Gade chapit la Kopi




1 Timoteo 1:7
20 Referans Kwoze  

Esime wole edzi bena, nunyalawo yewonye la, wozu bometsilawo,


Ke amesiawo le abe lã nyasã manɔsitɔ, siwo wodzi hena lelé kple tsɔtsrɔ̃ le woƒe dzɔdzɔme nu la ene: Wogblɔa busunya le nya, siwo womenya kura o la me, eye woatsrɔ̃ hã le woƒe gbegblẽ la me,


edoa eɖokui de dzi glodzo, eye menya naneke o, ke boŋ eléa anukutsyɔtsyɔwo kple nyaʋawɔwɔ ƒe do, eye nusiawo hea ŋuʋaʋã, dzrewɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, nya vɔ̃ susu de ame ŋuti


Azɔ la, amesi tso Gbɔgbɔ la kea mi, eye wòwɔa ŋusẽdɔwɔwɔwo le mia me la: Se la ƒe dɔwɔwɔwo mee wòto loo, alo xɔse ƒe nyagbɔgblɔfia la me wòtoa?


amesiwo srɔ̃a nu ɖaa, eye womate ŋu ava nyateƒe ƒe sidzedze la gbɔ akpɔ o.


Esia ɖeɖeko dim mele be, nasrɔ̃ tso mia gbɔ: Se la ƒe dɔwɔwɔwo mee miexɔ Gbɔgbɔ la tso loo, alo xɔse ƒe nyagbɔgblɔfia la mee miexɔe tsoe mahã?


Migblɔe nam, mi amesiwo le didim be, yewoanɔ sea te la, miese se la oa?


Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mo fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.


Eye amea ɖewo tso Yudea va fia nu nɔviawo bena: Ne wometso aʋa na mi le Mose ƒe kɔa nu o la, miate ŋu akpɔ xɔxɔ o.


Eye woɖo eŋu na Yesu bena: Míenye o. Eya hã gblɔ na wo bena: Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ, si metso wo esiawòe la, na mi o.


Eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la eva ve me bena, wokpɔe le mawuƒe la me le anyinɔƒe le nusiawo dome, hele to ɖom wo, eye wòle nya biam wo;


Nɔvinyewo, migazu nufialawo taŋtaŋ o, esi mienyae bena, ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ wu kpɔ ge míala la ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite