Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Timoteo 1:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Mele sedede sia dem asi na wò, vinye Timoteo, le nyagbɔgblɔɖeanyi, siwo dze ŋgɔ na wò la nu, bene nawɔ aʋa nyui le wo nu,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Azɔ vinye, Timoteo, esia nye nye sedede na wò. Wɔ Aƒetɔ la ƒe aʋawo nyuie, abe ale si wògblɔ na mi be míawɔ to eƒe Nyagblɔɖilawo dzi la ene.

Gade chapit la Kopi




1 Timoteo 1:18
19 Referans Kwoze  

Megawɔ ƒome le amenuvevenunana, si le mewo, si wona wò to nyagblɔɖi me, esime hamemegãwo da woƒe asiwo ɖe dziwò la ŋuti o.


Oo, Timoteo! Dzra nusi wode asi na wò la ɖo; gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia,


Ke mienya eƒe kelili bena, abe vi kple tɔ ene la, nenema wòsubɔ kplim le nyanyuie la me.


Ʋiʋli nyui lae meʋli; mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi.


ŋlɔ ɖo ɖe Timoteo, vinye vavã le xɔse me: Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa, si tso Mawu, Fofo la, kple Kristo Yesu, mía Aƒetɔ gbɔ la, woana wò!


ŋlɔ ɖo ɖe Timoteo, vinye lɔlɔ̃tɔ: Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa, si tso Mawu, Fofo la, kple Kristo Yesu, mía Aƒetɔ gbɔ la, woana wò!


Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã nyo, eye womatsri naneke o, nenye be, woxɔe kple akpedada;


mele kuku dem na wò de vinye Onesimo, si medzi le nye bablawo me la ta,


ŋlɔ ɖo ɖe Tito, vinye vavã le mí ame eve ƒe xɔse la nu: Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa, si tso Mawu, Fofo la, kple Aƒetɔ Yesu Kristo, mía xɔla gbɔ la, woana wò!


Eye wòde Derbe kple Listra; eye kpɔ ɖa, nusrɔ̃laa ɖe le afima, eŋkɔe nye Timoteo, Yuda-nyɔnua ɖe, si xɔ se la ƒe vi; ke fofoa nye Helatɔ.


Eyata medɔ Timoteo, si nye vinye blɔtɔ kple nuteƒewɔla le Aƒetɔ me la, ɖo ɖe mia gbɔ; amesia aɖo ŋku nye mɔ, siwo le Kristo me, abe alesi mele nu fiam le ha sia ha me le afisiati ene la, dzi na mi.


Ameka gɔ̃e woa aʋawɔvi ƒe do, eye wòxea fe na eɖokui? Alo ameka gɔ̃e dea weingble, eye meɖua eƒe kutsetse oa? Alo amekae nyia lãha, eye menoa lãha la ƒe notsi oa?


Ke sedede ƒe nuwuwu enye lɔlɔ̃, si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse, si me alakpaa ɖeke mele o la me;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite