Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Timoteo 1:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke esia ŋuti wokpɔ nublanui nam, bena Yesu Kristo naɖe eƒe dzigbɔgbɔɖi blewu katã afia le menye gbã, bene wòanye kpɔɖeŋu na amesiwo katã le edzi xɔ ge ase hena agbe mava la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Ke Mawu kpɔ nublanui nam ale be Kristo Yesu ate ŋu awɔ ŋutinyedɔ abe kpɔɖeŋu ene be wòatsɔ afia ale si wòte ŋu gbɔa dzi ɖi na nu vɔ̃ wɔla gãtɔ kekeake gɔ̃ hã ame sia ame, ale be woawo hã naxɔe se be woate ŋu akpɔ agbe mavɔ.

Gade chapit la Kopi




1 Timoteo 1:16
37 Referans Kwoze  

nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


bene le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me la, wòaɖe ye ŋutɔ ƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe, si ƒo wo katã ta la, ɖe go afia le dɔmekɔkɔ, si wòka ɖe mía ŋu la me le Kristo Yesu me.


Eyaŋuti mele egblɔm na wò bena: Wotsɔ eƒe nuvɔ̃, siwo sɔ gbɔ la kee, elabena elɔ̃ geɖe; ke amesi wotsɔ ʋee kee la, ʋee ko wolɔ̃na.


eye mibu mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔgbɔ blewu la bena, enye mia xɔxɔ, abe alesi mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ Paulo hã ŋlɔ ɖo ɖe mi le eƒe nunya, si wonae la nu ene,


Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egba dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, amea ɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.


Le wò ŋkɔ la ta, Yehowa, tsa nye vodada kam, elabena esa gbɔ!


amesiwo sẽ to tsã, esime Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la lala le Noa ƒe ŋkekeawo me, esime wòle aɖakaʋu dzram ɖo, si me woɖe ame ʋee, siwo le luʋɔ enyi la le hetso tsi me,


ke woŋlɔ esiawo ɖi, bena miaxɔ ase bena, Yesu enye Kristo, Mawuvi la, eye bena ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ la me.


Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.


Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.


wotsoa afia na amesiame, si xɔ edzi se.


Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wonoa nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.


Elabena esiae nye Fofonye la ƒe lɔlɔ̃nu, bena amesiame, si le Via kpɔm, eye wòle edzi xɔm le sesem la, akpɔ agbe mavɔ, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.


Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.


Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o.


Yehowa be: Miva mídrɔ̃ nɔ nu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wòbiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.


Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.


ne ava, bena wòakpɔ ŋutikɔkɔe le eƒe ame kɔkɔewo me, eye woawo nuku na amewo le dzixɔsetɔwo katã ŋuti le ŋkeke ma dzi; elabena miexɔ míaƒe ɖaseɖiɖi dzi se.


bene mianɔ anyi na eƒe ŋutikɔkɔe le kafukafu, mí amesiwo kpɔ mɔ na Kristo gbã la,


bene woakafu eƒe amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe, esi wotsɔ ve mia nu le lɔlɔ̃vi la me,


Eyata esi subɔsubɔdɔ sia le mía si, abe alesi míekpɔ nublanuikpɔkpɔ ene la, ɖeɖi mete mia ŋu o.


Elabena nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene miatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ nukpɔkpɔ.


Nusianu, si Fofo la tsɔ nam la, ava gbɔnye, eye amesi vaa gbɔnye la, nyemale eƒu ge gbe akpɔ o.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.


Eye wògblɔ nɛ bena: Vavã mele egblɔm na wò bena: Egbea ke nana Paradiso la me kplim.


Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.


Eƒe gbedodoɖa kple alesi woɖo toe, eƒe nuvɔ̃wo katã kple eƒe nu tovo wɔwɔwo kpakple teƒe, siwo wòtu nuxeƒewo do, eye wòtsɔ Aserawo kple legbawo ɖo hafi va bɔbɔ eɖokui la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe nukpɔlawo ŋutinya me.


Emegbe Bileam gblɔ na Balak bena: Va tsi tre ɖe wò numevɔsa gbɔ, eye maɖe kpo; ɖewohĩ Yehowa aɖe eɖokui afiam, eye nusi wòna mekpɔ la, eya magblɔ na wò. Eye wòyi togbɛ ƒeƒlea ɖe dzi.


Tete Mese wɔ kaba tsyɔ mo anyi, eye wodo gbe ɖa


Ke ɖetugbiwo la, nyemexɔ asea ɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le wo ŋuti o, gake maɖo aɖaŋu na wo, abe amesi kpɔ nublanuikpɔkpɔ tso Aƒetɔ la gbɔ, bene manye nuteƒewɔla la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite