Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Timoteo 1:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam, elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, eye dzixɔse menɔ asinye o.

Gade chapit la Kopi




1 Timoteo 1:13
25 Referans Kwoze  

Ke Saul gblẽ hame la hegena ɖe aƒewo me, eye wòhea ŋutsuwo kple nyɔnuwo yi ɖadea gaxɔ me.


mi amesiwo menye dukɔ tsã o; ke azɔ la míenye Mawu ƒe dukɔ, mi amesiwo womekpɔ nublanui na o, ke azɔ la wokpɔ nublanui na mi.


Ke Anania xɔ edzi gblɔ bena: Aƒetɔ, mese le ame geɖewo nu le ŋutsu sia ŋuti, alesi wòwɔ vɔ̃ geɖe ɖe wò ame kɔkɔe, siwo le Yerusalem la ŋu;


Eyata minɛ miatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.


Eye azɔ la, nɔviŋutsuwo, menya bena, miewɔe le numanyamanya me abe miaƒe dziɖulawo hã ene.


Eye Yesu gblɔ bena: Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o. Eye esi wòmã eƒe awuwo me la, wodzidze nu ɖe wo dzi.


Ke esia ŋuti wokpɔ nublanui nam, bena Yesu Kristo naɖe eƒe dzigbɔgbɔɖi blewu katã afia le menye gbã, bene wòanye kpɔɖeŋu na amesiwo katã le edzi xɔ ge ase hena agbe mava la.


le ŋuʋaʋã nu la hame yometila menye; le dzɔdzɔenyenye, si le sea me nu la mokaka manɔŋutɔ menye.


Elabena miese nye tsãnyinɔnɔ le Yudatɔnyenye me bena, meɖikpi ti Mawu ƒe hame la yome akpa, eye megblɔe.


Elabena nye enye suetɔ le apostoloawo dome, amesi medze be, woayɔ be apostolo o, elabena meli Mawu ƒe hame la yome.


Ke ɖetugbiwo la, nyemexɔ asea ɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le wo ŋuti o, gake maɖo aɖaŋu na wo, abe amesi kpɔ nublanuikpɔkpɔ tso Aƒetɔ la gbɔ, bene manye nuteƒewɔla la ene.


eye meti mɔ sia yome vaseɖe ku me ke, henɔa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa biam, eye metsɔa wo dea gaxɔ me,


Eye wògblɔ bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle; asẽ na wò be, nada afɔkpo nutɔnu.


Ke Saul, si galé ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti la, yi ɖe nunɔlagã gbɔ,


Eye dɔla ma, si nya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu, eye medzrae do alo wɔ eƒe lɔlɔ̃nu o la, woaƒoe geɖe;


Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la mase dziƒo ƒe gbe, eye dziƒo ase anyigba ƒe gbe;


Ke ne amea ɖe ɖo tame wo nane la, ekema edo vlo Yehowa, eɖanye duamevi alo amedzro o; ele be, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.


Ne adzu la mie, eye wòfu ɣie la, ekema ame la nava nunɔla gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite