Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Timoteo 1:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 le Mawu yayratɔ ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie, si wotsɔ de asi nam la nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 si xɔ ɖe Mawu yayratɔ la ƒe ŋutikɔkɔenyanyui si wòtsɔ nam la ŋuti.

Gade chapit la Kopi




1 Timoteo 1:11
25 Referans Kwoze  

ke boŋ la esi wokpɔ bena, wotsɔ nyanyuie de asi nam na aʋamatsomatsotɔwo, abe alesi wotsɔe de asi na Petro hena aʋatsotsotɔwo ene la —


ke eɖe eƒe nya la fia le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi le gbeƒãɖeɖe, si wòtsɔ de asi nam la me, le Mawu, mía xɔla ƒe sedede la nu,


esi dziɖula yayratɔ ɖeka, fiawo dzi fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la aɖe fia le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi,


amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.


le ŋkeke, si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo le nye nyanyuie la nu to Yesu Kristo dzi la dzi.


eye nusiwo nèse tso gbɔnye le ɖaseɖila geɖewo dome la, nu mawo ke natsɔ ade asi na ame wɔnuteƒewo, amesiwo ate ŋu afia nu ame bubuwo hã.


Dzra nu nyui, si wode asi na wò la ɖo to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si nɔa mía me la me.


esi nu woɖom menye gbeƒãɖela kple apostolo kpakple trɔ̃subɔlawo ƒe nufiala,


Oo, Timoteo! Dzra nusi wode asi na wò la ɖo; gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia,


nusia ŋuti woɖom ɖi menye gbeƒãɖela kple apostolo — nyateƒe gblɔm mele, nyemele aʋatso kam o — kple trɔ̃subɔlawo ƒe nufiala le xɔse kpakple nyateƒe me.


ke boŋ abe alesi Mawu kpo mí míedze bena, wòtso nyanyuie la de asi na mí ene la, nenema ke míegblɔnɛ; menye abe amesiwo dzea amewo ŋu ene o, ke boŋ abe amesiwo dzea Mawu, si dzroa míaƒe dziwo me kpɔna la ŋu ene.


esi ƒe subɔla mezu le Mawu ƒe xɔnuvinyenye, si wonam le mia ta la nu, bena mawu mawunya ƒe do la nu:


bene azɔ la woato hame dzi ana dziɖulawo kple ŋusẽtɔ, siwo le dziƒonutowo me la nanye Mawu ƒe nunya bubu ƒomevi geɖe la


bene le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me la, wòaɖe ye ŋutɔ ƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe, si ƒo wo katã ta la, ɖe go afia le dɔmekɔkɔ, si wòka ɖe mía ŋu la me le Kristo Yesu me.


bene mianɔ anyi na eƒe ŋutikɔkɔe le kafukafu, mí amesiwo kpɔ mɔ na Kristo gbã la,


bene woakafu eƒe amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe, esi wotsɔ ve mia nu le lɔlɔ̃vi la me,


elabena Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.


Elabena ne mewɔ esia kple lɔlɔ̃nu la, fetu te eme nam; ke ne nyemewɔe kple lɔlɔ̃nu o la, wotsɔ xɔnuvidɔ de asi nam.


Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.


Made ta agu ɖe wò gbeɖoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ, eye makafu wò ŋkɔ le wò amenuveve kple wò nyateƒe la ta, elabena èna wò ŋugbedodo kɔ gbɔ wò ŋkɔwo katã ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite