Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 9:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tsã, ne woyina nu bia ge Mawu le Israel la, wogblɔna bena: Mina miayi nukpɔla gbɔ! Elabena amesi woyɔna fifia be nyagblɔɖila la, eya woyɔna tsã be nukpɔla.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Tsã ne woyina nu bia ge Mawu le Israel la, wogblɔna be, “Mina míayi nukpɔla gbɔ,” elabena ame si woyɔna fifia be nyagblɔɖila, eyae woyɔna tsã be nukpɔla.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 9:9
16 Referans Kwoze  

amesiwo gblɔ na nukpɔlawo be: Migakpɔ nu o, eye wogblɔ na nyagblɔɖilawo be: Migagblɔ nya, si le eteƒe la, ɖi na mí o, ke boŋ migblɔ nya ŋɔnɔewo na mi, eye migblɔ alakpanyawo ɖi!


Eye Amazya gblɔ na Amos, bena: Nukpɔla si yi Yuda-nyigba dzi, gblɔ nya ɖi le gama, ne nakpɔ abolo aɖu le afima.


Fia Dawid ŋutinyawo, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe nukpɔla Samuel ŋutinyawo, nyagblɔɖila Natan ŋutinyawo kple nukpɔla Gad ŋutinyawo me


hekpe ɖe nusiwo katã ŋu nukpɔla Samuel, Saul, Kis vi, Abner, Ner vi, kpakple Yoab, Zeruya vi, woka la ŋuti. Ne amesiame kɔ nane ŋu la, wotsɔnɛ dea asi na Selomot kple nɔviawo.


Eye Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to eƒe nyagblɔɖilawo katã, siwo nye nukpɔlawo la dzi gblɔ bena: Mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔwo dzi, eye milé nye sewo kple nye dodowo me ɖe asi, abe alesi mede se na mia fofowo kple alesi mede nye dɔla nyagblɔɖilawo si ɖo ɖe mi la ene.


Esi Dawid fɔ ŋdi kanya la, Yehowa ƒe gbe va nyagblɔɖila Gad, amesi nye Dawid ƒe nukpɔla, gbɔ bena:


Elabena Yehowa trɔ alɔ̃dɔdɔ sesẽ ƒe gbɔgbɔ kɔ ɖe mia dzi, etre miaƒe ŋkuwò, siwo nye nyagblɔɖilawo, eye wotsyɔ nu miaƒe tawo, siwo nye nunɔlawo.


Ke esi ɖeviawo le ŋu ɖom wo nɔewo le eƒe dɔ me la, egblɔ bena: Ne ele alea la, nukaŋuti megale agbe ɖo? Eye wòyi ɖabia Yehowa se.


Tete dzi ku Asa ɖe nukpɔla la ŋu, eye wòtsɔe de gaxɔ me, elabena dɔme vee ɖe eŋu te nya la ta. Eye Asa sẽ ŋuta le dukɔ la dometɔa ɖewo ŋu ɣemaɣi.


Tete nukpɔla Xanani va Yuda-fia Asa gbɔ ɣemaɣi gblɔ nɛ bena: Esi nède me Aram-fia, eye mède me Yehowa, wò Mawu o la, eyata Aram-fia ƒe aʋakɔ ge le asiwò me.


Amesiawo katã, siwo wolia hena kpuinudzɔdzɔ la, le ame alafa eve kple wuieve; woŋlɔ woƒe ŋkɔwo le woƒe kɔƒewo me, eye Dawid kple nukpɔla Samuel wonye amesiwo tso wo de woƒe do la me.


Le Yosua ƒe ku megbe la Israel-viwo bia Yehowa bena: Mia dometɔ kae atre hoho ayi aɖawɔ aʋa kple Kanaanitɔwo?


Saul gblɔ na eƒe dɔla la bena: Wò nya la le eme, va miyi! Tete woyi du, si me Mawu ƒe ame la le la me.


Eye Yehowa gblɔ na Dawid ƒe nukpɔla Gad bena:


Eye wogblɔ nɛ bena: Bia Mawu na mí kpɔ be, azɔli, si dzi miele la, adze edzi na mí hã?


Ne ŋutilã blibo la katã nye ŋku la, afika nusese anɔ? Ne ŋutilã blibo la katã nye nusese la, afika ʋeʋẽsese anɔ mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite