Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 8:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Alesi wole wɔwɔm tso gbesigbe mekplɔ wo tso Egipte vaseɖe egbe, eye wogblẽm ɖi subɔ mawu bubuwo la, nenema pɛpɛpɛ wole wɔwɔm de wò hã ŋuwò.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Tso esime mekplɔ wo dzoe le Egipte la, wogbea nu le gbɔnye enuenu eye wodzea mawu bubuwo yome. Azɔ la, wole nu ma ke wɔm ɖe ŋuwò.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 8:8
22 Referans Kwoze  

Esi dukɔ la kpɔ bena: Mose mele gbɔgbɔm tso toa dzi o la, dukɔ la ƒo ƒu ɖe Aron ŋu, eye wogblɔ nɛ bena: Netsɔ, wɔ mawu na mí, si azɔ mía ŋgɔ; elabena Mose, ŋutsu ma, si kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la, mienyã nusi gɔ̃ wɔe o.


Ke esi Israel-viwo gawɔ nusi medze Yehowa ŋu o la. Yehowa tsɔ wo de asi na Filistitɔwo ƒe blane sɔŋ.


Esi Israel-viwo wɔ nusi medze Yehowa ŋu o la, Yehowa tsɔ wo ɖe asi na Midiantɔwo ƒe adre sɔŋ.


Ke esi Ehud ku la, Israel viwo gade asi nusi medze Yehowa ŋu o la wɔwɔ me.


Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu gblɔ bena: Esi dukɔ sia tu nye nu, si mebia kple wo fofowo, eye meɖo to nye gbe o la,


Tso esime menya mi la, to kokoko sẽm miele ɖe Yehowa ŋu.


Tete dukɔ la wɔ dzre kple Mose, eye wogblɔ bena: Mina tsi mi miano! Mose ɖo ŋu na wo bena: Nukaŋuti miele dzre wum kplim? Nukaŋuti miele Yehowa tem kpɔ?


eye Israel-viwo gblɔ na wo bena: Ɖe Yehowa na míeku le Egipte-nyigba dzi, afisi míebɔbɔ nɔ miaƒe lãzewo dome, eye míeɖua abolo ɖia ƒo la, ne nyo wu esi miekplɔ mí va gbe sia dzi, bena dɔ nawɔ ameha blibo sia woaku!


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ɖo to dukɔ la ƒe gbe le nusianu, si woagblɔ na wo la me, elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o.


Eyata do to woƒe gbe; ɖeko naxlɔ̃ nu wo, eye nato fia, si le wo dzi ɖu ge la, ƒe kɔnuwo na wo!


Le ƒe adre megbe la mia dome amesiame naɖe asi le nɔvia Hebritɔ, si tso eɖokui ƒle nɛ la ŋuti; nesubɔ wò ƒe ade, emegbe nade asi le eŋu wòadzo le gbɔwò. Ke mia fofowo meɖo tom o, eye womeƒu to anyi o.


Eye wògblɔ nam bena: Amevi, madɔ wò ɖe Israel-viwo, dukɔ dzeaglã, si dze aglã ɖe ŋunye la gbɔ, woawo kple wo fofowo trɔ ʋu le yonyeme va do egbenɔwo tsɛ.


ne womaganɔ abe wo fofowo, ƒome sẽto dzeaglã, ƒome, si ƒe dzi meli ke o, eye eƒe gbɔgbɔ meku ɖe Mawu ŋu le nyateƒe me o la ene o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite