Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 8:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ɖo to dukɔ la ƒe gbe le nusianu, si woagblɔ na wo la me, elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Yehowa gblɔ na Samuel be, “Wɔ nu si wobia tso asiwò la na wo elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe abe woƒe fia ene.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 8:7
22 Referans Kwoze  

Ke miawo miegbe Mawu, si ɖe nu tso miaƒe dzɔgbevɔ̃ewo kple hiãwo katã me, eye miegblɔ nɛ bena: Ɖo fia ɖe mia nu! Azɔ miɖo le Yehowa ŋku me ɖe miaƒe towo kple ame akpeakpeawo nu!


Gake nye ketɔ ma, siwo melɔ̃ be, maɖu fia ɖe wo dzi o la, atikplɔ wo va afii, eye miwu wo le ŋkunye me.


Amesi ɖoa to mi la, nyee wòdoa toe, eye amesi gbea mi la, nyee wògbena; ke amesi le gbeyem la, ele amesi dɔm ɖa la gbem.


Eye Mose gblɔ bena: Fiẽ la Yehowa ana lã mi miaɖu, eye ŋdi la ana abolo nu miedu aɖi ƒo, elabena Yehowa se liʋĩliʋĩ, si mieli ɖe eŋu la, ke miawo la amekawo míenye? Menye mía ŋu mieli o, ke boŋ Yehowa ŋue mieli.


Ke eƒe dumetɔwo lé fui, eye wodɔ ame ɖe eyome gblɔ bena: Mielɔ̃ bena, amesia naɖu fia ɖe mia dzi o.


Amesi ke xɔa mi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke xɔam la, exɔ amesi dɔm ɖa.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Subɔla mewua eƒe aƒetɔ o, eye ame dɔdɔ hã mewua amesi dɔe ɖa la o.


nenema nye hã makpɔ dzidzɔ le ŋutasesẽ le wo ŋu ŋuti, eye mahe nusi dzia ŋɔ na wo la, ava wo dzi, elabena meyɔ ame, ke amea ɖeke metɔ o, meƒo nu, ke womesee o, wowɔ nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye wotia nusi medze ŋunye o.


Eye Mawu va Bileam gbɔ le zã me gblɔ nɛ bena: Nenye yɔ wò ge ŋutsu siawo va la, ekema fɔ, ne nayi kpli wo; gake alesi magblɔ nawò la, nenema ko nawɔ.


Gideon ɖo ŋu na wo bena: Nye ŋutɔ alo vinyeŋutsu míaɖu fia ɖe mia dzi o, ke boŋ Yehowa neɖu fía ɖe mia dzi!


Alesi wole wɔwɔm tso gbesigbe mekplɔ wo tso Egipte vaseɖe egbe, eye wogblẽm ɖi subɔ mawu bubuwo la, nenema pɛpɛpɛ wole wɔwɔm de wò hã ŋuwò.


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ɖo to woƒe gbe, eye nado fia ɖe wo nu! Tete Samuel gblɔ na Israel-ŋutsuwo bena: Mia dome amesiame negbugbɔ yi eƒe du me!


Eye Samuel gblɔ na Israel blibo la bena: Kpɔ ɖa, meɖo to miaƒe gbe le nusiwo katã miegblɔ nam la me, eye meɖo fia ɖe mia nu.


Ke esi miekpɔ be, Amon-viwo ƒe fia Nabas ho ɖe nua ŋu la, miegblɔ nam bena: Ɖabi, fia boŋ neɖu mia dzi! Evɔ wònye Yehowae nye mia Mawu kple miaƒe fia hafi


Le ƒe adre megbe la mia dome amesiame naɖe asi le nɔvia Hebritɔ, si tso eɖokui ƒle nɛ la ŋuti; nesubɔ wò ƒe ade, emegbe nade asi le eŋu wòadzo le gbɔwò. Ke mia fofowo meɖo tom o, eye womeƒu to anyi o.


Eye wògblɔ nam bena: Amevi, madɔ wò ɖe Israel-viwo, dukɔ dzeaglã, si dze aglã ɖe ŋunye la gbɔ, woawo kple wo fofowo trɔ ʋu le yonyeme va do egbenɔwo tsɛ.


Ke Israel ƒe aƒe la mele to ɖo ge wò o, le esi wogbe toɖoɖom ta; elabena ŋgonu kplala kple dzi kuatri li na Israel ƒe aƒe blibo la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite