Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 8:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Gake dukɔ la gbe toɖoɖo Samuel hegblɔ bena: Gbeɖe, ke boŋ fia nenɔ mía nu,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Ke ameawo gbe toɖoɖo Samuel. Wogblɔ nɛ be, “Ao! Míedi fia be wòaɖu mía dzi.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 8:19
9 Referans Kwoze  

Nya, si negblɔ na mí le Yehowa ƒe ŋkɔ me la, miele to ɖo ge wò o;


Woava akpe ta ɖe gbɔwò, eye woabɔbɔ nɔ ŋkuwò me abe nye dukɔ ene ahase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o, hafi boŋ anɔ ŋɔnɔe le nu me na wo, eye woƒe dzi adze viɖe yome.


Yehowa be: Azɔ esi miewɔ nusiawo katã, eye mele nuƒoƒo kpli mi dzi ɖaa, ke miesee o, meyɔ mi, eye mietɔ o la,


nenema nye hã makpɔ dzidzɔ le ŋutasesẽ le wo ŋu ŋuti, eye mahe nusi dzia ŋɔ na wo la, ava wo dzi, elabena meyɔ ame, ke amea ɖeke metɔ o, meƒo nu, ke womesee o, wowɔ nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye wotia nusi medze ŋunye o.


Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi. Ke wò nu baa, ne made nu eme na wò taŋ!


Ne eva anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi, eye nèxɔe wònye tɔwo nètso aƒe ɖe edzi, emegbe dagblɔ bena: Maɖo fia ɖe ɖokuinye nu abe dukɔ, siwo katã ƒo xlãm ene la,


Ke esi miekpɔ be, Amon-viwo ƒe fia Nabas ho ɖe nua ŋu la, miegblɔ nam bena: Ɖabi, fia boŋ neɖu mia dzi! Evɔ wònye Yehowae nye mia Mawu kple miaƒe fia hafi


Ke womeɖo to o, eye Manase ble wo wowɔ nu vɔ̃ɖi wu dukɔ, siwo Yehowa tsrɔ̃ ɖa le Israel-viwo ŋgɔ


Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o, eye Israel melɔ̃ edzi nam o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite