Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 7:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Samuel lé alẽvi, si gale no nom, hesa numevɔe, eye wòtɔ dzoe blibo na Yehowa; eye Samuel ɖe kuku na Yehowa ɖe Israel ta, eye Yehowa ɖo toe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ale Samuel tsɔ alẽvi aɖe sa numevɔ na Yehowa eye wòɖe kuku nɛ be wòave Israel nu. Edo ɣli na Yehowa ɖe Israel nu eye Yehowa se eƒe gbedodoɖa.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 7:9
16 Referans Kwoze  

Tete Yehowa gblɔ nam bena: Ne Mose kple Samuel wotsi tre ɖe ŋkunye me hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋu o. Nyã wo ɖa le ŋkunye me, ne woadzo.


Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome eye Samuel le amesiwo yɔa eƒe ŋkɔ la dome. Woyɔ Yehowa, eye wòɖo to wo.


Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


Emegbe wòtrɔna va Rama, elabena afima eƒe xɔnu le, eye wodrɔ̃a ʋɔnu na Israel le afima, eye woɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.


Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.


Samuel do ŋu bena: Aleke mawɔ ate ŋui? Ne Saul see la, awum. Yehowa gblɔ bena: Kplɔ nyivi ɖeka ɖe asi, eye nagblɔ be: Vɔ sa ge meva na Yehowa.


Dze ŋgɔnye yi Gilgal, eye kpɔ ɖa, megbɔna gbɔwo, be masa numevɔ kple akpedavɔ. Lala ŋkeke adre, vaseɖe esime mava gbɔwò, eye magblɔ nusi na wo la na wò!


Woɖo ŋu na wo bena. Ẽ, ele afisia, afɔ netsɔ na mi, eva dua me egbea, elabena dukɔ la le vɔ sa ge le to dzi egbea.


Esi dua me ŋutsuwo fɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, wogbã Baal ƒe vɔsamlekpui la, lã Asera, si le eŋu la ɖa, eye wotsɔ nyitsu sa vɔ le vɔsamlekpui, si woɖi la dzi.


Emegbe naɖi vɔsamlekpui na Yehowa, wò Mawu la, ɖe agakpe sia tame, tsɔ nyitsu evelia sa numevɔe, eye natsɔ Asera, si nèlã la, awɔ nakee.


Ne wodzi nyi, alẽ alo gbɔ̃via ɖe la, wòanɔ ɖada gbɔ ŋkeke adre; ke ne exɔ ŋkeke enyi alo wu nenema, eye wotsɔe sa dzovɔ na Yehowa la, woaxɔe.


Eye medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, megagblẽ wò dukɔ, si nye wò ŋutɔ tɔ la o, dukɔ, si neɖe kple wò ŋusẽ gã, eye nètsɔ wò asi sesẽ kplɔe tso Egipte.


Eye maɖo nunɔla nuteƒetɔ na ɖokuinye, amesi awɔ nu ɖe nye dzi dzi, eye wòawɔ nusi adze ŋunye; mana eƒe aƒe nali ke, eye wòadze nye amesiamina la ŋgɔ ɖaa


Alo menye fifi enye luŋeɣi oa? Ke mele Yehowa yɔ ge, eye wòana dzi naɖe gbe, eye tsi nadza, ne miadze sii, eye míakpɔe bena, miaƒe nu vlo, si miewɔ le Yehowa ŋku me hebia fia la, tri akɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite