Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 7:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Tete Israel-viwo ɖe Baalwo kple Astartewo ɖa, eye wosubɔ Yehowa ɖeɖeko.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ale woɖe asi le Baal kple Astarɔtwo ŋuti eye wosubɔ Yehowa ɖeɖe ko.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 7:4
11 Referans Kwoze  

Amewo aganu eƒe vɔvɔli te, eye woaƒã bli; woaƒo se abe weinka ene, eye woaxɔ ŋkɔ abe Libanon ƒe wein ene.


Mihe nya ɖe asi, eye mitrɔ ɖe Yehowa ŋu! Migblɔ nɛ he; „Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo la!


Elabena wogblẽm ɖi, eye wode ta agu na Zidontɔwo ƒe mawu Astarte kple Moabtɔwo ƒe mawu Kemos kpakple Amontɔwo ƒe mawu Milkom, womezɔ nye mɔ dzi, be woawɔ nusi nyo le ŋkunye me, eye woawɔ nye ɖoɖowo kple kɔnuwo dzi abe fofoa Dawid ene o.


Wogblẽ Yehowa ɖi hesubɔ Baal kple Astarot


Tete Israel-viwo wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, eye wosubɔ Baalwo.


Tete Samuel gblɔ na Israel ƒe aƒe blibo la bena. Ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu kple miaƒe dzi blibo la, ekema miɖe mawu bubuwo kple Astartewo ɖa le mia dome; mitsɔ miaƒe tame ɖo Yehowa ŋu, eye misubɔ eya ɖeɖeko, ne wòaɖe mi tso Filistitɔwo si me!


Eye Samuel gblɔ bena: Miƒo Israel blibo la nu ƒu va Mizpa, ne maɖe kuku na Yehowa ɖe mia ta!


eye wòtrɔ ɖe ŋuwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le woƒe futɔ, siwo ɖe aboyo wo, ƒe anyigba dzi, eye woaɖo gbe ɖa na wò aɖo ɖe woƒe anyigba, si nètsɔ na wo fofowo kple ɖu, si nètia kpakple xɔ, si metu na wò ŋkɔ dzi la,


Salomo dze Zidontɔwo ƒe mawu Astarte kple Milkom, si nye Amonitɔwo ƒe ŋunyɔnu la yome.


Egbã vɔsamlekpui, si le Betel hã, eya nye nuxeƒe, si Yerobeam, Nebat vi, amesi ble Israel de nuvɔ̃ me la ɖi; egbã vɔsamlekpui sia hã, eye wòtɔ dzo nuxeƒe la hetui memie, eye wòtɔ dzo Asera la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite