Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 7:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye du, siwo Filistitɔwo xɔ le Israel si la gasu Israel si. Ale Israel xɔ Ekron vaseɖe Gat kple woƒe anyigbawo le Filistitɔwo si. Eye ŋutifafa ɖo Israel kple Amoritɔwo dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Israelviwo gbugbɔ woƒe du siwo nɔ Ekron kple Gat dome eye wonɔ Filistitɔwo si me la xɔ. Israel ɖe nuto siwo ƒo xlã wo la hã tso Filistitɔwo ƒe asi me. Ale ŋutifafa nɔ Israel kple Amoritɔwo dome.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 7:14
8 Referans Kwoze  

Wometsrɔ̃ dukɔwo, abe alesi Yehowa gblɔe na wo ene o,


Ke Sisera to afɔ si va Yael, Kenitɔ Xeber srɔ̃ ƒe agbadɔ gbɔ, elabena ŋutifafa le Xazor-fia, Yabin kple Kenitɔ Xeber ƒe aƒe la dome.


Atsrɔ̃ dukɔ, siwo katã Yehowa, wò Mawu, tsɔ de asi na wò la; megakpɔ wo ta o, eye megasubɔ woƒe mawuwo o, elabena woava nye mɔ̃ aɖe wò.


eye Yehowa, wò Mawu, tso wo de asi na wò nèɖu wo dzi la, ekema, natsrɔ̃ wo gbidigbidi, megabla nu kpli wo o, eye megave wo nu o.


Amalekitɔwo le dziehe gome, Xititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo le towo dzi, eye Kanaanitɔwo le ƒu ŋu kple Yordan ƒe go ɖeka


Eye Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo, siwo nye Yerusalem-fia, Xebron-fia, Yarmut-fia, Laxis-fia kple Eglon-fia kpakple woƒe aʋakɔwo katã kpe ta, eye woho va ɖe to ɖe Gibeon ŋu hewɔ ana kplii.


Emegbe liƒo la zɔ Ekron-to la ŋu le anyiehe vaseɖe Sikron, eye wòmlo to Baala-to la tame ɖo ta Yabneel va wu nu ɖe ƒu nu.


Eye wòva me le nusiawo megbe be, Dawid si Filistitɔwo, eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi, eye wòxɔ Gat kple eŋu duwo le Filistitɔwo si.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite