Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 6:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Nukaŋuti miehe, yewoasè dzime, abe alesi Egiptetɔwo kple Farao sẽ dzinye enea? Alo esi wòɖee le eme na wo ɖe, womeɖe asi le wo ŋu wodzo oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Nu ka ŋuti miesẽ miaƒe dzi me abe ale si Egiptetɔwo kple Farao wɔ ene? Esi wòwɔ fu wo la ɖe womeɖo Israelviwo ɖa be woadzo oa?

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 6:6
16 Referans Kwoze  

Nye la mana Egiptetɔwo ƒe dzime nasẽ, eye woakplɔ wo ɖo, be maɖe nye ŋusẽ afia ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ la katã, eƒe tasiaɖamwo kpakple eƒe sɔɖolawo ŋuti.


Eye afakalawo gblɔ na Farao bena: Esia la Mawu ƒe asibidee! Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Gake Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Ke esi Farao kpɔ bena, tsidzadza, kpetsi kple dziɖegbe la nu tso la, egayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi, eye eva kple eŋu mewo sẽ woƒe dzime.


ke mixlɔ̃ nu mia nɔewo gbesiagbe boŋ, ŋkeke alesi woyɔ egbegbe, bene nuvɔ̃ ƒe beble nagasẽ mia dometɔa ɖeke ƒe dzime o.


Ke wò la, le wò dzi sesẽ, si metrɔ o la nu, nèƒo dziku nu ƒu ɖi na ɖokuiwò hena dziku ƒe ŋkeke kpakple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ƒe ɖeɖefia la,


migasẽ miaƒe dzime ahe le Meriba kple gbemagbe le Masa le gbeadzi ene o!


Dzi nyanu le esi, eye eƒe ŋusẽ kako. Ameka tsi tre ɖe eŋu, eye megbe kpɔdodoe o?


Eye Egiptetɔwo ti wo yome, eye Farao ƒe sɔwo, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe sɔdolawo katã kplɔ wo ɖo va ƒu la titina.


Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi. Zi nenie gɔ̃ nagbe be, yemabɔbɔ ɖokuiwò nam oa? Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ne ede Egipte la, ekema naɖo ŋku nukunu, siwo katã mede asi na wò la dzi awɔ le Farao ƒe ŋku me; ke nye la mana eƒe dzime nasẽ, bena maɖe asi le dukɔ la ŋu wòayi o.


Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena: Farao ƒe dzime sẽ, eye wogbe asiɖeɖe le dukɔ la ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite