Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 6:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wogblɔ bena: Avulénu ka miatsɔ akpe ɖe eŋu? Woɖo ŋu bena: Miwɔ sikaƒoƒoe atɔ̃ kple sikafi atɔ̃ ɖe Filistitɔwo ƒe amegãwo ƒe xexlẽme nu, elabena dɔvɔ̃ ɖeka ŋugbe va mi katã kple miaƒe amegãwo dzi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Filistitɔwo bia be, “Fɔɖivɔsanu kae míatsɔ aɖo ɖa?” Woɖo eŋu be, “Sikaƒoƒoe atɔ̃ kple afi si wowɔ kple sika la atɔ̃, ɖe Filistitɔwo ƒe amegãwo ƒe xexlẽme nu elabena dɔvɔ̃ ɖeka ƒomevie va dze mi kple mia dziɖulawo siaa dzi.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 6:4
10 Referans Kwoze  

Woawo nye. Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo, Kanaanitɔwo katã, Zidontɔwo kple Xiwitɔwo, siwo nɔ Libanon-towo dzi tso Baal-Xermon vaseɖe Xamat.


tso Sixor, si si to Egipte ŋu gbɔ vaseɖe Ekron, si wobuna ɖe Kanaanitɔwo me la, ƒe liƒo ŋu le anyiehe. Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo nye: Gazatɔ, Asdodtɔ, Askalontɔ, Gadtɔ kple Ekrontɔ hekpe ɖe Avitɔwo ŋu le dziehe;


Ke esi aɖaka la va afima la, Yehowa ƒe asi he ŋɔdzi gãa ɖe va ɖu la dzi, eye wòna ƒoƒoe te duametɔwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa.


Eye Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo dzi, egblẽ wo, eye wòna ƒoƒoe te Asdodtɔwo kple amesiwo le woƒe nutowo me.


Miwɔ miaƒe ƒoƒoeawo kple afi, siwo le miaƒe anyigba gblẽm la, ƒe nɔnɔme, eye miɖe bubu Israel ƒe Mawu la ŋu! Ɖewohĩ ana eƒe asi, si va mia ŋutɔwo kple miaƒe mawuwo kpakple miaƒe anyigba dzi la, dzi naka aɖe.


Amesiwo meku o la, ƒoƒoe te wo, eye du la ƒe ɣli de dzi.


Eye Israel-viwo wɔe ɖe Mose ƒe nya la nu, eye wobia klosalo kple sikanuwo kpakple avɔwo le Egiptetɔwo si.


Mikɔ Yehowa ƒe aɖaka la da ɖe tasiaɖam la me, eye mifɔ sikanu, siwo nye avulénu mietsɔ koe ɖe eŋu la, ɖe aɖakavi me da ɖe exa, eye miɖoe ɖa wòayi.


Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi wòyi Askalon ɖawu ŋutsu blaetɔ̃ heɖe wo ŋu nuwo, eye wòtsɔ atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ na amesiwo ɖe adzo la gɔme. Tete dzi kui wògbugbɔ yi fofoa ƒe me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite