Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 6:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Tete wodɔ ame ɖo ɖe Kiryat-Yearimtɔwo gblɔ bena: Filistitɔwo gbugbɔ Yehowa ƒe aɖaka la vɛ, miva, ne miakɔe ayi mia gbɔe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Ale woɖo du ɖe Kiriat Yearimtɔwo kple kukuɖeɖe be, “Filistitɔwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la vɛ eya ta miva ne miakɔe yi mia gbɔe.”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 6:21
11 Referans Kwoze  

Ɣetoɖoƒeliƒo la nyẽ kpo ɖo ta dziehe tso to, siwo le Bet-Xoron kasa la ƒe dziehe heva wu nu ɖe Kiryat-Baal, eya nye Kiryat-Yearim, si nye Yuda-viwo ƒe ɖu; esia nye ɣetoɖoƒekpa.


Eye esi Israel-viwo ho la, wova woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃agbe; woƒe duawo nye: Gibeon, Kefira, Berot kple Kiryat-Yearim.


eyata mawɔ aƒe, si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo, esi ŋu miele dzi ɖom ɖo, kple teƒe, si metsɔ na mia kple mia fofowo la, abe alesi mewɔ Silo ene,


Elabena miyi nɔnyeƒe le Silo, afisi mena nye ŋkɔ nɔ tsã la, eye mikpɔ nusi mewɔe le nye dukɔ Israel ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta la ɖa.


eye wògblẽ nɔƒe, si le Silo, agbadɔ, si wòtu ɖe amegbetɔwo dome la ɖi.


Eye woho va ƒu asaɖa anyi ɖe Kiryat-Yearim le Yuda; eyata woyɔa teƒe ma vaseɖe egbe be Dan ƒe asaɖa; kpɔ ɖa, ele Kiryat-Yearim godo.


Kiryat-Baal, eya nye Kirvat-Yearim, kpakple Xaraba. Wole du eve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.


eye wòtso to sia tame va to Neftoax ƒe tsivudo la gbɔ heɖo ta ɖu, siwo le Efron-to dzi la gbɔ vaseɖe Baala, esia nye Kiryat-Yearim.


Eye ŋutsu bubu gblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me, amesi ŋkɔ nye Uriya, Semaya vi, tso Kiryat-Yearim; egblɔ nya ɖi ɖe du sia kple anyigba sia ŋu wòsɔ kple Yeremya ƒe nyawo.


Eye Dawid kple dukɔ blibo, si le eŋu la, dze mɔ yi Baal-Yuda, ne woatsɔ Mawu ƒe aɖaka, si ŋu woyɔa Yehowa Zebaot, amesi le Kerubiwo ta me ƒe ŋkɔ ɖo la, atso afima.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite