Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 5:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo dzi, egblẽ wo, eye wòna ƒoƒoe te Asdodtɔwo kple amesiwo le woƒe nutowo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la me tɔwo dzi, ehe gbegblẽ va wo dzii eye wòna ƒoƒoe vɔ̃ te wo.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 5:6
13 Referans Kwoze  

Tete wodɔ ame woyi ɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu, eye wogblɔ bena: Migbugbɔ Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖada ɖe eteƒe, bena magawu mia kple mía dukɔ la o! Elabena dzidzi ƒo du blibo la kutɔkutɔe, eye Mawu ƒe asi sẽ le afima.


Eye azɔ la kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ƒe asi ava dziwò, eye wò ŋku agba, eye magakpɔ ɣe o vaseɖe ɣeyiɣia ɖe dzi. Eye enumake afu kple viviti dze edzi, eye wòle asi tsam le amesi alé eƒe alɔnu akplɔe la dim.


Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye keli kple zã, ŋdɔ heliheli na nye ƒuto me mi no. Sela.


Yehowa akplɔ Egiptetɔwo ƒe zubo, ƒoƒoe, anyi kple akpa aƒu wò, eye mahaya akpɔ o.


ekema Yehowa ƒe asi alé wò lãha, siwo le gbedzi, eye adza sesẽa ɖe aƒo sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo.


eye wònyã eƒe futɔwo ɖe megbe; ŋukpe mavɔe wòdo wo.


Esi Asdodtɔwo kpɔ bena, ale nɔ ge wòala la, wogblɔ bena: Israel ƒe Mawu la ƒe aɖaka la meganɔ mía gbɔ o, elabena eƒe asi sẽ ɖe mía kple miaƒe mawu Dagon dzi.


Ɖe gbegblẽ mevaa ame vɔ̃ɖi dzi, eye dzɔgbevɔ̃e vaa nu vɔ̃ɖi wɔlawo dzi oa?


Ke esi aɖaka la va afima la, Yehowa ƒe asi he ŋɔdzi gãa ɖe va ɖu la dzi, eye wòna ƒoƒoe te duametɔwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa.


Yehowa kpɔa amesiwo katã lɔ̃nɛ la ta, ke etsrɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo katã.


Yehowa léa hiãtɔwo ɖe asi, ke ebɔbɔa ame vɔ̃ɖiwo vaseɖe anyigba ke.


Ale bena womaganye naneke le alesi nuɖuɖu do agbogbo ɖe anyigba dzi la ŋuti o, le dɔ, si ava to la ta: elabena enu asẽ ŋutɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite