Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 4:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Nane wɔ mí tututu! Ameka aɖe mí atso mawu ŋusẽtɔ siawo si me? Woawo nye mawu, siwo tsɔ dɔvɔ̃ geɖewo wu Egiptetɔwo le gbeɖzi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ame kae ate ŋu aɖe mí tso Mawu ŋusẽtɔ si me? Mawu siawo kee tsrɔ̃ Egiptetɔwo kple dɔ vɔ̃wo esime Israel nɔ gbedzi.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 4:8
8 Referans Kwoze  

Ne menye nenem o la, mala nye fuwɔamewo katã atrɔ ɖe wò ŋutɔ, ŋuwò mewo kple dukɔ la dzi, bena nanyae be, amea ɖeke mede nunye le anyigba blibo la katã dzi o.


Ekema Egiptetɔwo adze sii bena, nyee nye Yehowa, ne medo nye asi ɖe Egipte dzi, eye mekplɔ Israel-viwo dzoe le wo dome.


Ŋusẽ le amesiawo si be, woatu dziƒo nu, bena tsi magadza le woƒe nyagblɔdiŋkekeawo me o, eye ŋusẽ le wo si ɖe tɔwo dzi, be woatrɔ wo woazu ʋu, eye be woatsɔ fuwɔame tsyo ƒomevi aƒo anyigba la zi geɖe, alesi wolɔ̃.


Tete Filistitɔwo vɔ, elabena wogblɔ bena: Mawu va asaɖa lãme. Eye wogblɔ bena: Nane wɔ mí, elabena esia tɔgbe medzɔ etsɔ kple nyitsɔ o!


Milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ ŋutsu, mi Filistitɔwo, ne miaganye kluvi na Hebritɔwo, abe alesi wonye kluvi na mi tsã ene o! Eyata miwɔ ŋutsu, eye miwɔ aʋa!


Esi dukɔwo see la, dzidzi ƒo wo, vovɔ̃ ɖo Filistitɔwo.


Esi Asdodtɔwo kpɔ bena, ale nɔ ge wòala la, wogblɔ bena: Israel ƒe Mawu la ƒe aɖaka la meganɔ mía gbɔ o, elabena eƒe asi sẽ ɖe mía kple miaƒe mawu Dagon dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite