Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 4:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va asaɖa me la, Israel blibo la tso aseye hoo, ale be anyigba ʋuʋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Esi Israelviwo kpɔ be wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la gbɔnae la, woƒe dzidzɔɣli de dzi bobobo ale gbegbe be ena anyigba ʋuʋu kloe!

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 4:5
10 Referans Kwoze  

Ne wonyã ku lãdzoawo tsiã ɖe nu miese ko la, dukɔ blibo la natso aseye hoo, ekema du la ƒe gliwo aŋe adze eme, eye dukɔ la nakpɔ ŋgɔ tẽ age ɖe me.


Mi amesiwo ɖi be, dzɔgbevɔ̃egbe la nate ɖa, eye miele ŋutasesẽ ƒe fiazikpui hem vɛ;


Migaɖo dzi ɖe akpanya, si wole gbɔgblɔm be: „Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔe nye esia la ŋu o!


Ame vlowo ƒe aseyetsotso nu mesena yina o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzɔ nɔa anyi aɖabaƒoƒo ɖeka koa?


Eye esi wova ɖo Lexi la, Filistitɔwo tso aseye ɖe eŋu; tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye ka, siwo le alɔ ŋu nɛ la, zu abe anazi, si dzo ƒo ene, eye bablawo bebe le asi ŋu nɛ.


Tete dukɔ la tso aseye, eye woku akɔfɛawo. Esi dukɔ la se akɔfɛawo ƒe ɖiɖi la, wotso aseye hoo, tete ɖu la ƒe gliwo mu ɖo baba, eye dukɔ la ge ɖe dua me, amesiame kpɔ ŋgɔ tẽ, eye woxɔ du la.


Ne amea ɖe le ya yome lelele, eye wòɖa alakpa be: „Magblɔ nya na mi le wein kple aha muame ŋu“ la, eya anye nyagblɔla asɔe na dukɔ sia.


Ke esi Filistitɔwo se aseye la ƒe ɖiɖi la, wogblɔ bena: Aseye gã ka enye si le ɖiɖim le Hebritɔwo ƒe asaɖa me? Eye wose bena, Yehowa ƒe nubablaɖakae va asaɖa la me.


Eye kpɔ ɖa, Zadok hã kple Lewito, siwo katã le eŋu la, tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la, eye wodro Mawu ƒe aɖaka la ɖi, vaseɖe esime ameha blibo la tso dua me va to eŋu yi vɔ; eye Abyatar hã yi


Emegbe dukɔ blibo la kplɔe ɖo, eye dukɔ la ku dzewo hekpɔ dzidzɔ eteƒe mekɔ o, eye woƒe ɣli na be, anyigba ʋuʋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite