Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 4:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Esi dukɔ la va asaɖa me la, Israel-ame tsitsiwo gblɔ bena: Nukaŋuti Yehowa si mí egbea le Filistitɔwo nu? Mina míayi aɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo va mia gbɔ, ne wòava mía dome aɖe mi tso míaƒe futɔwo si me!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Esi aʋa la ke la, Israelviwo trɔ yi woƒe asaɖa me eye woƒe kplɔlawo de ŋugble tso nu si ta Yehowa na Filisitɔwo ɖu wo dzi la ŋu. Wogblɔ be, “Mina míatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo ava afi sia. Ne míetsɔe yi aʋagbedzi kpli mí la, Yehowa anɔ mía dome eye wòaɖe mí tso míaƒe futɔwo si me kokoko.”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 4:3
34 Referans Kwoze  

Ke mele didim bena, maɖo ŋku dzi na mi amesiwo nya nuwo katã xoxo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu bena, esime Aƒetɔ la ɖe dukɔ la tso Egipte-nyigba dzi la, emegbe la etsrɔ̃ amesiwo mexɔ se o la.


nusi nye kpɔɖeŋu na mawutsidedetaname, si ɖe miawo hã azɔ, si menye ŋutilãɖiƒoƒo ɖeɖeɖa o, ke boŋ dzitsinya nyui ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu heto Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,


esi me sikadzudzɔmlekpui kple nubablaɖaka, si ŋu wofa sika ɖo kpe ɖo la le, eye eya me sikaze, si me mana le kple Aron ƒe atikplɔ, si ƒo se, kple nubabla ƒe nuŋlɔkpeawo le.


amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!


Migaɖo dzi ɖe akpanya, si wole gbɔgblɔm be: „Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔe nye esia la ŋu o!


Yehowa be: Ava me be, ne miekeke ta, eye miedzi ɖe amũ gbã dzi le ŋkeke mawo me la, womagagblɔ azɔ be: „Yehowa ƒe nubablaɖaka“ o, magava ame ƒe ta me o, eye womagaɖo ŋui o, womagabia eta ase o, eye womagakpɔe o.


„Nukaŋuti míetsi nu dɔ, eye mèlé ŋku ɖe eŋu o, míeka hiã mía ɖokui, eye mèdze sii o?“ Kpɔ ɖa, miewɔ ɖɔ le miaƒe nutsidɔgbe, eye mieƒo du ɖe miaƒe dɔwɔlawo nu.


Ale Yehowa gblɔ esi: Afika mía dada ƒe asigbegbalẽ, si metsɔ gbee la le? alo ameka nye nye fetɔ, si metsɔ mi dzra na? Kpɔ ɖa, mia vodadawo ta wotsɔ mi dzra, eye le mia dzidadawo ta wogbe mia dada ɖo.


Nukaŋuti nèhe wò asi kple wò nuɖusi de megbe? Doe ɖa tso wò akɔnu nagblẽ nu!


Asaf ƒe nufiameha. Mawu, nukaŋuti nègbe mí ɖikaa, eye wò dɔmedzoe le adzudzɔ tum ɖe wò lãnyiƒe ƒe lãhɔwo ŋu?


Esime Dawid le eƒe fiasã me la, Dawid gblɔ na nyagblɔɖila Natan bena: Kpɔ ɖa, nye la mele sedertixɔ me, ke Yehowa ƒe nubablaɖaka ya le kuntruwo le.


Ke fia la gblɔ na Zadok bena: Gbugbɔ Mawu ƒe aɖaka la yi dua mee! Ne Yehowa ve nunye la, ekema akplɔm agbɔe, eye wòana makpɔe kple afisi wòle


Eye Saul gblɔ na Axiya bena: Tsɔ Mawu ƒe aɖaka la vɛ! Elabena Mawu ƒe aɖaka la le Israel-viwo gbɔ ɣemaɣi.


Eye Yosua gblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, nukaŋuti nèkplɔ dukɔ sia tso Yordan, be natsɔ mi ade asi na Amoritɔwo, ne woatsrɔ̃ mi? Oo, ɖe míetsi Yordan godo la, ne nyo wu!


ekema migblɔ na wo bena: Elabena Yordan me tsia nu tso le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ; esi wole Yordan tso ge la, tete Yordan me tsi la nu tso, eyata kpe siawo nye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo tegbee do.


Mitsɔ segbalẽ sia ɖa ɖe Yehowa, mia Mawu, ƒe nubablaɖaka la xa, ne wòanye ɖase anɔ afima


Tete woaɖo ŋu be: Esi wotu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ƒe nu, si wòbia kpli wo, le esime wòkplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi,


Eye Mose ɖɔ ame akpe ɖeka tso to sia to me ɖo ɖe aʋa la, eye Pinehas, nunɔla Eleazar vi, he nu kɔkɔeawo kple kpẽ, siwo woaku atsiã ɖe nu la, ɖe asi.


Ne aɖaka la ho la, Mose gblɔna be: Yehowa, tsi tre, ne wò fofowo naka hlẽ, eye amesiwo le fu wò la, nasi le nuwò!


Eye woho tso Yehowa to la gbɔ hezɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ, eye Yehowa ƒe nubablaɖaka la dze wo ŋgɔ ŋkeke etɔ̃, be woadi dzudzɔƒe na wo.


Tete Yosua, Nun vi, yɔ nunɔlawo gblɔ na wo bena: Mitsɔ nubablaɖaka la, eye nunɔla adre natsɔ akɔfɛ adre adze Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ.


Taflatse Aƒetɔ, esi Israel trɔ megbe ɖe eƒe futɔwo la, aleke gblɔ ge mala?


Eye esi woɖee le no nu la, ekplɔe ɖe asi, eye wòlé nyi, si xɔ ƒe etɔ̃, kpe ɖe wɔ efa ɖeka kpakple wein lãgbalẽgolo ɖeka ŋu heyi. Eye Xana kple ɖevi la wova Yehowa ƒe me le Silo.


Eye Filistitɔwo ho ɖatɔ Israel, eye aʋa la keke ta. Ke Filistitɔwo si Israel, eye wowu ame akpe ene ɖe aʋagbe dzi.


Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme, be maxɔ na ame o, eye eƒe to metsi, be mase nu o;


ke boŋ miaƒe vodadawoe klã mia kple miaƒe Mawu dome, eye miaƒe nuvɔ̃woe na be, wòɣla ŋku me ɖe mi, be magaɖo to mi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite