Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 4:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Filistitɔwo ho ɖatɔ Israel, eye aʋa la keke ta. Ke Filistitɔwo si Israel, eye wowu ame akpe ene ɖe aʋagbe dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Filistitɔwo ɖu Israelviwo dzi; wowu Israelvi akpe ene.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 4:2
13 Referans Kwoze  

Mina míaɖo míaƒe zɔzɔme a pɔ, míadzro eme akpɔ, eye míatrɔ ɖe Yehowa ŋu!


Eye Israel kple Filistitowo ƒe aʋalɔgoawo dze aʋa hedze ŋgɔ wo nɔewo.


Eye wòtsi tre yɔ Israel ƒe aʋalɔgoawo ɖa gblɔ na wo bena: Nukaŋuti mieho va dze aʋa? Alo menye Filistitɔ menye, eye miawo míenye Saul ƒe dolawo oa? Miɖe ŋutsu ɖeka le mia dome, ne wòava gbɔnye!


Israel-viwo magate ŋu anɔ te ɖe woƒe futɔwo nu akpɔ o, megbe kokoko woatrɔ ade woƒe futɔwo, elabena busu le wo dzi. Nyemaganɔ anyi kpli mi o, negbe ɖeko miaɖe busu la ɖa le mia dome hafi.


Eye Samuel ƒe nya de Israel blibo gbɔ. Eye Israel ho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu; woƒu asaɖa anyi ɖe Eben-Ezer gbɔ, eye Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Afek.


Esi dukɔ la va asaɖa me la, Israel-ame tsitsiwo gblɔ bena: Nukaŋuti Yehowa si mí egbea le Filistitɔwo nu? Mina míayi aɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo va mia gbɔ, ne wòava mía dome aɖe mi tso míaƒe futɔwo si me!


Filistitɔwo wɔ aʋa la, eye wosi Israel, ale be wo dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me; woɖu dzi gãa ɖe, eye afɔzɔla akpe blaetɔ̃ tsi le Israel ŋu.


Mialɔ mia nɔewo aƒu anyi, abe alesi wotsia yi nu ene, wònye amea ɖeke mele mia nyãm o hafi, eye mianɔ te ɖe miaƒe futɔwo nu o.


Tete Amalekitɔwo kple Kanaanitɔwo, amesiwo le to sia dzi la, va si wo, eye woka wo hlẽ vaseɖe Xorma ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite