Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 4:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Benyamintɔa ɖe ƒu du tso aʋagbe dzi va ɖo Silo gbemagbe; awu vuvu le eŋu, eye anyi le ta me nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ŋutsu aɖe si tso Benyamin ƒe to la me la, ƒu du tso aʋagbedzi eye wòɖo Silo gbe ma gbe ke. Eƒe awuwo vuvu eye ʋuʋudedi nɔ tame nɛ. Nɔnɔme sia fia konyifafa le ɣe ma ɣi me.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 4:12
9 Referans Kwoze  

Tete Yosua dze eƒe awuwo, eye eya kple Israel ame tsitsiwo tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ vaseɖe fiẽ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.


Ke esi wota mo te le adzɔge la, womedze sii o: tete wofa avi kple ɣli, wo dome amesiame dze eƒe awu, eye wohlẽ ke ɖe ya me wòʋuʋu ɖe woƒe ta me.


Le dzinu sia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la Israel-viwo va kpe la, wotsi nu dɔ, wota akpanya, eye ke le ta me na wo.


Esi Dawid va ɖo toa ta me, afisi woɖoa gbe ɖa na Mawu le la, kpɔ ɖa, Xusai, Arkitɔ la, le awu vuvu me, eye ke le ta me nɛ wòva kpee.


kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe tso Saul ƒe asaɖa me va le ŋkeke etɔ̃agbe, awu vuvu le eŋu, eye ke le ta me nɛ. Eye esi wòva Dawid gbɔ la, ede ta agu, eye wòbɔbɔ.


Eye Tamar ku afi kɔ ɖe ta me, eye wòdze awu ʋlaya, si wòdo la, eye wòkpla asi ta le boboe dom le yiyim.


ekema mawɔ aƒe sia abe Silo ene, eye matsɔ du sia awɔ ɖiŋudonu na anyigba dzi dukɔwo katã.


gbemagbe ame asi ava gbɔwò, be yeava to nya na wò.


Wòado aƒa ɖe ŋuwò, eye woaxa nu vevie, wòala kewɔ akɔ ɖe ta me, eye woanɔ togotogoe ƒom le dzowo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite