Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 30:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Tete Dawid kple aʋakɔ, si le eŋu la, fa avi kple ɣli, vaseɖe esime avi meganya le fafam na wo o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 wofa avi va se ɖe esime avifafa glo wo.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 30:4
9 Referans Kwoze  

Eye ame dɔdɔwo va Saul ƒe Gibea hegblɔ nyawo ɖe dukɔ la ƒe to me; tete dukɔ blibo la fa avi kple ɣli.


Esi wòva la, kpɔ ɖa, Eli bɔbɔ nɔ zikpui dzi le agbo nu hele mɔ ta kpɔm, elabena Mawu ƒe aɖaka la na meɖe dzi ɖi o. Eye esi ŋutsu la va gblɔe le dua me la, tete du blibo la do ɣli.


Eye esi dukɔ la va Betel la, wotsi Mawu ŋku me le afima vaseɖe fiẽ, eye wofa avi sesĩe


Esi Yehowa ƒe dɔla gblɔ nya siawo na Israel-viwo katã la, tete dukɔ la fa avi hoo;


Esi Mose gblɔ nya siawo na Israel-viwo katã la, dukɔ la xa nu ŋutɔ.


Tete ha blibo la do ɣlikpɛ, eye dukɔ la fa avi le zã ma me.


Esi Ezra do gbeɖa, eye wòʋu eɖokui me, efa avi, eye wòmlɔ mawuxɔ ŋgɔ la, ameha gãa ɖe ŋutɔ tso Israel va kpe ta ɖe egbe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo; elabena dukɔ la fa avi vevie.


Esi Dawid kple eƒe amewo va dua me la, kpɔ ɖa, wòtɔ dzoe, eye wòlé woƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite