Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 30:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Dawid kple eƒe amewo gbɔ va Ziklag le ŋkeke etɔ̃agbe la, kpɔ ɖa, Amalekitɔwo va dze dziehenyigba kple Ziklag dzi, eye wòsi Ziklag hetɔ dzoe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le ŋkeke etɔ̃ megbe esi David kple eƒe amewo ɖo wo nɔƒe le Ziklag du la me la, wokpɔ be Amalekitɔwo va ha du la, tɔ dzoe wòbi keŋkeŋkeŋ

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 30:1
18 Referans Kwoze  

Tete Dawid kple eƒe amewo fɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ le ŋdi hegbugbɔ yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi; ke Filistitɔwo ho yi Yezreel.


Eye Saul si Amalekitɔwo tso Xawila vaseɖe Sur, si le Egipte kasa.


Tete Filistitɔwo ƒe amegãwo do dɔmedzoe ɖe eŋu, eye Filistitɔwo ƒe amegãwo gblɔ ne bena: Na ame sia nagbugbɔ ayi teƒe, si netsɔ nɛ, ne magayi aʋa la kpli mí, eye wòanye miaƒe futɔ le aʋa me o! Elabena nuka ame sia awɔ atsɔ dze eƒe aƒetɔ ŋu, ne menye ame siawo ƒe ta oa?


Ke Yehowa gblɔ na Yosua bena Megavɔ̃ wo o, elabena mana wo katã natsrɔ̃ le Israel ŋgɔ etsɔ wɔle siawo; natu ata na woƒe sɔwo, eye natɔ dzo woƒe tasiaɖamwo.


kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe tso Saul ƒe asaɖa me va le ŋkeke etɔ̃agbe, awu vuvu le eŋu, eye ke le ta me nɛ. Eye esi wòva Dawid gbɔ la, ede ta agu, eye wòbɔbɔ.


Ke Isak gbɔ tso Agbetɔ, si le kpɔyem la ƒe vudo me; elabena enɔ dziehenyigba dzi.


Ziklag, Madmana, Sansana,


Ele Amalekitɔwo ƒe fia Agag agbagbe, eye wòtsɔ yi tsrɔ̃ dukɔ blibo la gbidigbidi.


Tete Axis tso Ziklag nɛ gbemagbe; eyata Ziklag zu Yuda-fiawo to vaseɖe egbe.


Míeyi ɖadze Kretitɔwo ƒe dziehe kple Yuda-nyigba kpakple Kaleb ƒe dziehe gome dzi, eye mieta dzo Ziklag.


Eye wòva me le Saul ƒe ku megbe, esime Dawid gbɔ tso Amalek-ʋa, eye Dawid nɔ Ziklag ŋkeke eve megbe la,


Eye wòbiam bena: Ameka nenye? Meɖo ŋu nɛ bena: Amalekitɔ menye.


Eƒe dɔlawo katã le exa le yiyim, eye Kretitɔwo kple Pletitɔwo katã kpakple Gatitɔ alafa ade, siwo katã dze eyome tso Gat la, zɔ fia la ŋgɔ.


Amesiawo xɔ na Dawid tso aʋakɔwo si me, elabena wo katã wonye ŋutsu kalẽtɔwo, eye wòzu aʋakɔ la ƒe amegãwo.


woɖe woƒe aʋawɔlawo katã, eye woho, be yewoaɖawɔ aʋa kple Ismael, Netanya vi la, eye woɖatui le tɔ gã, si le Gibeon la to.


Eyata mia kple wò aƒetɔ ƒe dɔla, siwo va kpli wò la, mifɔ ŋdi kanya, hafi ŋu nake ade le eme, eye midzo!


Gbesiagbe amewo vaa Dawid gbɔ, ne woaxɔ nɛ, vaseɖe esime aʋakɔ la lolo abe Mawu ƒe aʋakɔ ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite