Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 3:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke Yehowa gayɔ Samuel. Tete Samuel fɔ yi Eli gbɔ gblɔ bena: Nyee nye si, elabena eyɔm. Eɖo ŋu bena: Vinye, nyemeyɔ wò o, gbugbɔ yi ɖamlɔ anyi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Yehowa gayɔe ake be, “Samuel! Samuel!” Samuel gafɔ eye wògaƒu du yi Eli gbɔ. Egagblɔ be, “Nye aƒetɔ, nu ka mawɔ na wò?” Eli gblɔ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi nàmlɔ anyi.”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 3:6
6 Referans Kwoze  

Eye kpɔ ɖa, wotsɔ lãmetututɔa ɖe, si mlɔ aba dzi la, va egbɔ. Ke esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la la, egblɔ na lãmetututɔ la bena; Vinye, na wò dzi nadze me, wotso wò nuvɔ̃awo ke wò.


Ke Zadok vi Aximaaz gaxɔ edzi gblɔ na Yoab bena: Ne edze agbodo ʋuu hã, maƒu du adze Kusitɔ la yome! Yoab gblɔ bena: Vinye, nukaŋuti nèbe, yeaƒu du ayi, esi amea ɖeke mele dɔtsɔho xe ge na wò oa?


Ŋutsu la gblɔ na Eli bena: Aʋagbe dzi metso, egbea mesi tso aʋagbe dzi! Eye wòbiae bena: Aleke nya la le, vinye?


Esi wòfɔ kɔ dzi kpɔ dadavia Benyamin la, ebia bena: Esia nye mia nɔvi ɖevitɔ, si ŋu mieƒo nu le nam mahã? Eye wõgblɔ be: Mawu nayra wò, vinye!


Enumake wòƒu du yi Eli gbɔ gblɔ bena; Nyee nye si, elabena eyɔm. Ke eɖo ŋu bena: Nyemeyɔ wò o, gbugbɔ yi ɖamlɔ anyi! Eye wòyi ɖamlɔ anyi.


Samuel menya Yehowa haɖe o, eye Yehowa meɖe eƒe nya fiae haɖe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite