Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 3:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Samuel va tsi, eye Yehowa nɔ kplii, eye mena nyaa ɖeke to le nya, siwo wògblɔ la me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Esi Samuel nɔ tsitsim la, Yehowa nɔ kplii eye wòna be nya sia nya si Samuel gblɔ la vaa eme.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 3:19
32 Referans Kwoze  

Ke Yehowa nɔ kple Yosef, eye nusianu dze edzi nɛ nyuie, eye wònɔ eƒe aƒetɔ, Egiptetɔ la, ƒe me


Eɖo ŋu nɛ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe amea ɖe le du keme me, eƒe ŋkɔ nya, eye nusianu, si wogblɔna la, vaa me. Eyata na miayi afima, ɖewohĩ afia mɔ, si míato la mí.


Woakafu Yehowa, amesi na gbɔɖeme eƒe dukɔ Israel pɛpɛpɛ, abe alesi wògblɔ ene; naneke meto le nya nyui, siwo katã wògblɔ to eƒe dɔla Mose dzi la me o.


Eye Yesu tsi ɖe dzi le nunya kple tsitsi kple amenuveve le Mawu kple amewo gbɔ la me.


Aƒetɔ Yesu Kristo nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ la! Amenuveve nanɔ anyi kpli mi!


Yehowa ɖo ŋku Xana dzi, eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi etɔ kple nyɔnuvi eve. Ke Samuel ɖevi la tsi le Yehowa gbɔ.


Mlɔeba la, nɔviwo, dzi nadzɔ mi, mizu blibo, mina woafa akɔ na mi, miaƒe tamesusu nanɔ ɖeka, mina anyi le ŋutifafa me, eye lolo kple ŋutifafa Mawu anɔ anyi kpli mi!


Eye ɖevi la tsi, eye wòva sẽ ŋu, eye nunya yɔe fũ, eye Mawu ƒe amenuveve le edzi?


Eye ɖevi la tsi, eye wòva sẽ ŋu le gbɔgbɔ la me; eye wòle gbedzi vaseɖe eɖeɖefia Israel ŋkeke dzi.


Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.


Dawid ƒe mɔwo katã dzea edzi, elabena Yehowa li kplii.


„Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“


eya, amesi nana eƒe dolawo ƒe nya vaa me, eye wòwɔa eƒe ame dɔdɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi; eya, amesi gblɔ na Yerusalem be, woaganɔ eme, eye wogblɔ na Yuda-duwo be, woatso wo, eye yeafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu;


Le ɣemaɣi me la Abimelex kple eƒe aʋafia Pixol wogblɔ na Abraham bena: Mawu li kpli wò le nusianu, si nèwɔna la me.


Eye esi mawudɔla va me le egbɔ la, egblɔ nɛ bena: Medo gbe na wò, wò amesi nu wòve! Aƒetɔ la li kpli wò.


Eye nyɔnu la dzi ŋutsuvi hena ŋkɔe bena Simson. Ɖevi la va tsi, eye Yehowa yrae.


Manɔ anyi kpli wò, eye afisiafi, si nayi la, makpɔ dziwò, eye mana nagatrɔ ava anyigba sia dzi. Elabena nyemagblẽ wò ɖi, vaseɖe esime mawɔ nya, siwo megblɔ na wò la dzi o.


Azɔ fia la adze mia ŋgɔ. Ke nye la metsi, meƒo wɔ, eye vinyewo le mia dome; gake mezɔ mia ŋgɔ tso nye ɖekakpuime vaseɖe egbe.


Tete ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: Kpo ɖa, mekpɔ Betlexemtɔ Isai ƒe viŋutsua ɖe, si nya saŋkuƒoƒo; enye kalẽtɔ, eye wònye aʋame, enya nuƒoƒo, eye wòdze ɖeka, eye Yehowa li kplii.


Esi eƒe aƒetɔ kpɔ bena, Yehowa li kplii, eye Yehowa na nusianu, si wòwɔna, dzea edzi nɛ la,


Ne nyagblɔɖilaa ɖe gblɔ nya le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, gake nya la meva me o, eye medze edzi o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la o, ke boŋ nyagblɔɖila la ŋutɔe do eɖokui ɖe dzi hegblɔe; eyata megavɔ̃e o.


Nyaa ɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la me o, wo katã va me pɛpɛpɛ.


Ke Samuel ɖevi la tsi ɖe dzi, eye eƒe nu nyo Yehowa kple amegbetɔwo ŋu.


Ne dzesi siawo va me na wò la, ekema wo nusi tsɔ ɖe asi gbɔ na wò, elabena Mawu li kpli wò!


Eye Dawid yia afisiafi, si Saul ɖoe ɖo, eye wòdze adaŋu; Saul tsɔe do aʋawɔlawo katã nu, eye eƒe nu nyo dukɔ blibo la kple Saul ƒe dɔlawo ŋu.


Azɔ Saul de asi Dawid vɔvɔ̃ me, elabena Yehowa li kplii; ke edzo le Saul ya gbɔ.


Midze sii bena, nyaa ɖeke meto le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Axab ƒe aƒe ŋu la me o, eye Yehowa wɔ nusi wògblɔ to eƒe dɔla Eliya dzi ta.


Esia nye nya, si Yehowa gblɔ na Yehu bena: Viwòwo anɔ Israel-fiazikpui la dzi vaseɖe dzidzime enelia dzi: eye nenema wòva mee.


Yehowa ƒe gbe enye si; Kpɔ ɖa, mane dzɔgbevɔ̃e ava teƒe sia kple eme nɔlawo dzi le agbalẽ sia me nya, siwo katã Yuda-fia xlẽ la nu.


nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite