Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 3:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Tete Samuel gblɔ wo katã ne, eye meɣla ɖeke ɖee o. Eye wòɖo ŋu bena: Yehowae, newɔ nusi dze eŋu ko!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Ale Samuel gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ nɛ la na Eli eye Eli ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue; eya ŋutɔ nena nu si tututu wòkpɔ be eyae nye nyuitɔ la nava eme.”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 3:18
18 Referans Kwoze  

Xizkiya do ŋu na Yesaya be: Yehowa ƒe gbe, si nèƒo la, enyo. Eye wògagblɔ bena: Ne ŋutifafa kple nyateƒe le nye ŋkekewo me ko!


Ke eya ɖo ŋu nɛ bena: Eƒo nu, abe alesi nyɔnu abunetɔwo ƒoa nui ene. Miexɔ nu nyuiwo tso Mawu si, ɖe miaxɔ vɔ̃ hã oa? Le nusiawo katã me la Hiob mewɔ nuvɔ̃ kple eƒe nuyiwo o.


Azɔ la mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi de dzi le ɣeyiɣi, si woɖo ɖi la dzi.


Ke Israel-viwo gblɔ na Yehowa bena: Miewɔ nuvɔ̃, eyata wɔ mí, alesi dze ŋuwò; ke ɖe mí fifia ko!


Nuka ta amegbetɔ le nu xam le eƒe agbe me? Amesiame nexa nu le eƒe nuvɔ̃ ŋu boŋ.


Ɖem tso nye dzidadawo katã me; megatsɔm wɔ alɔmeɖenu na bometsilawo o!


gblɔ bena: Amama mele tso ɖanye ƒe ɖɔ me, eye ama ma manɔ agayi Yehowae na, Yehowae gaxɔe, woakafu Yehowa ŋkɔ!


Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?


Eye Yehowa ɖi va le alilikpo me, eye wòtsi tre ɖe egbɔ le afima, eye woɖe gbe ƒã Yehowa ƒe ŋkɔ.


Eye Mose gblɔ na Aron bena: Ke esia gblɔm Yehowa le enye sia bena: Maɖe ɖokuinye afia amesi te ɖe ŋunye la, abe kɔkɔetɔ ene, eye maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔ blibo la ŋku me. Tete Aron zi kpi.


Lé dzi de ƒo, eye na míasẽ ŋu na míaƒe dukɔ kple mía Mawu ƒe du la; eye Yehowa awɔ nusi dze eŋu!


Gake ne egblɔ be, nye nu menyo ye ŋu o la, nyee nye esi, newɔm, alesi dze eŋu!


Xizkiya ɖo ŋu na Yesaya bena: Yehowa ƒe gbe, si nègblɔ la, enyo. Eye wògagblɔ tomefafa kple nuteƒewɔwɔ nya le nye ŋkekewo me ko evɔ.


Eye nyagblɔɖila Yeremya gblɔ nya siawo katã na Yuda-fia Zedekiya le Yerusalem,


Emegbe fia Zedekiya do ame woɖakplɔ nyagblɔɖila Yeremya va Yehowa ƒe aƒe ƒe mɔnu etɔ̃lia me. Eye fia la gblɔ na Yeremya bena: Mele nya bia ge wò, megana naneke ɖem o.


Tete nyagblɔɖila Yeremya ɖo ŋu na wo bena: Mesee! Kpɔ ɖa, maɖaɖe kuku na Yehowa, mia Mawu la, na mi, abe alesi miegblɔ ene, eye magblɔ nya sia nya, si Yehowa tso ɖo ŋu na mi la, na mi, nyemaɣla nyaa ɖeke ɖe mi o.


Lé dzi ɖe ƒo, eye na míasẽ ŋu na míaƒe dukɔ kple mía Mawu ƒe du la, eye Yehowa awɔ nusi dze eya ŋutɔ ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite