Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 3:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye wògblɔ bena: Nya ka wogblɔ na wò? Megaɣla naneke ɖem o! Ne èɣla nusi wògblɔ na wò la ɖe ɖem la, ekema Mawu afia wò agafia wò ɖe edzi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Eli biae be, “Nya kae Yehowa gblɔ na wò? Gblɔ nya sia nya nam; Mawu nehe to na wò vevie ne ètsɔ nya aɖe ɣlam!”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 3:17
18 Referans Kwoze  

Esi ɣe gale dzi ko, eye ameha blibo la va nuɖuɖu na ge fiaa la, Dawid ka atam bena: Mawu nefiam ne wòagafiam ɖe dzi, ne made nu nuɖuɖu alo nu bubua ɖe ŋu, hafi ɣe naɖo to fi!


afisi naku ɖo la, afima maku ɖo, eye afima woaɖim ɖo! Yehowa nefiam, ne wòagafiam ɖe dzi; negbe ku koe aklã mía dome!


Ke Yesu zi kpi. Eye nunɔlagã la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Meta Mawu gbagbe la na wò, be nagblɔe na mí nenye wòe nye Kristo, Mawuvi la!


Nya kae nye esia gblɔm Yakob ƒe aƒe la le be: „Ɖe Yehowa mesea dziku dona o, eye esia nye eƒe nuwɔna?“ Ɖe nye nyawo mefa na ame dzɔdzɔewo oa?


enye wò fia, amesi tri akɔ, eye ŋusẽ le ŋuwò, wò gãnyenye ɖatɔ dziŋgɔli, eye wò ŋusẽ ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


Ne ame dzɔdzɔe ƒom la, lɔlɔ̃e; ne ehe to nam la, tamemi wònye, nye ta magbee o, nenye be, ele ewɔm atraɖi hã. Meɖoa gbe ɖa ɖe woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋu.


Fia la gblɔ nɛ bena: Zi nenie mata wò be, gblɔ nyateƒe sɔŋ ko nam le Yehowa ƒe ŋkɔ mea?


Nɔvinyewo míenye, nye ƒu kple nye ŋutilã míenye; nukaŋuti miehe, yewoanye ame mlɔetɔ, siwo ava kplɔ fia la?


ekema Yehowa nafia Yonatan agafiae ɖe dzi! Ne fofonye ɖo vɔ̃ ɖe ŋuwò kplikpaa la, ekema mava gblɔe ɖe to me na wò, eye mado mɔ wò nayi le ŋutifafa me. Yehowa anɔ kpli wò, abe alesi wònɔ kple fofonye tsã ene!


Tete Eli yɔ Samuel bena: Vinye Samuel! Etɔ bena: Nyee nye si!


Mawu afia Dawid ƒe futɔwo agafia wo ɖe dzi, ne makpɔtɔ eƒe ŋutsuwo katã dometɔa de ɖi, hafi ŋu nake fi!


Emegbe fia Zedekiya do ame woɖakplɔ nyagblɔɖila Yeremya va Yehowa ƒe aƒe ƒe mɔnu etɔ̃lia me. Eye fia la gblɔ na Yeremya bena: Mele nya bia ge wò, megana naneke ɖem o.


Tete nyagblɔɖila Yeremya ɖo ŋu na wo bena: Mesee! Kpɔ ɖa, maɖaɖe kuku na Yehowa, mia Mawu la, na mi, abe alesi miegblɔ ene, eye magblɔ nya sia nya, si Yehowa tso ɖo ŋu na mi la, na mi, nyemaɣla nyaa ɖeke ɖe mi o.


Esi wòva egbɔ la, kpo ɖa, ele tsitre ɖe eƒe numevɔsa la gbɔ, eye Moab-amegãwo le egbɔ. Eye Balak gblɔ nɛ bena: Aleke Yehowa gblɔ?


Eye Saul gblɔ be: Yehowa nefiam, ne wòagafiam ɖe dzi. Yonatan, ele be, naku!


Mawu nefia Abner, ne wòagafiae de dzi, ne nyemewɔ, abe alesi Yehowa ka atam na Dawid be:


Tete fia la xɔ dzi gblɔ na nyɔnu la bena: Megaɣla nya, si mabia wò la, ɖem o! Nyɔnu la ɖo ŋu be: Nye aƒetɔ fia neƒo nu ko!


Eye wògblɔ bena: Mawu afiam agafiam ɖe dzi, ne Elisa, Safat vi ƒe ta aganɔ eŋu fi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite