Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 3:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Gbemagbe mana nusiwo katã megblɔ ɖe Eli ƒe aƒe ŋu la, nava me; madze egɔme, eye mawu enu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Mawɔ nu dziŋɔ siwo katã ŋu meƒo nu tsoe na Eli.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 3:12
11 Referans Kwoze  

Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.


Ke nye gbe kple nye fameɖoɖo, siwo meɖe asi na nye dɔla nyagblɔɖilawo la, ɖe womeva mia fofowo dzi, ale be woyi ta me hegblɔ bena: Alesi Yehowa Zebaot ɖo be, yeawɔ mi ɖe miaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenema wòwɔ mi oa?


Gake alesi nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la gblɔ, va me na mi la, nenema ke Yehowa ana nya vɔ̃wo katã nava dzɔ mia dzi, vaseɖe esime woatsrɔ̃ mi avɔ le anyigba nyui, si Yehowa, mia Mawu la, na mi la dzi.


Mawu menye amegbetɔ wonye, ne wòaka aʋatso o eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ɖe woagblɔ nya, eye mawo edzi oa? Ɖe woaƒo nu, eye mawɔe oa?


Tete megblɔ be: Ao, Aƒetɔ Yehowa, wole gbɔgblɔm le ŋunye be: Eyama lo sɔŋ ko wònɔa dodom!


Eye Israel-viwo ƒe asi kpe Kanaan-fia Yabin dzi, vaseɖe esime wotsɔe vo keŋkeŋ.


Woxɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye Eli vi eveawo Xofni kple Pinexas tsi aʋa.


Dɔla la ɖo ŋu gblɔ bena: Israel si le Filistitɔwo nu, eye wòsi dukɔ la tɔlɔtɔ; viwò eveawo Xofni kple Pinexas hã ku, eye woxɔ Mawu ƒe aɖaka la!


Eye wòna ŋkɔ ɖevi la bena Ikabod hegblɔ bena: Ŋutikɔkɔe dzo le Israel, elabena woxɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye toa kpakple srɔ̃a woku.


Eye wògblɔ bena: Ŋutikɔkɔe dzo le Israel, elabena woxɔ Mawu ƒe aɖaka la!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite