Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 28:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete Saul trɔ eƒe nɔnɔme hedo awu bubuwo, eye eya kple ŋutsu eve woyi heva nyɔnu la gbɔ le zã me. Eye wògblɔ bena: Ka nu, ne nayɔ ŋɔli nam, eye nakplɔ amesi mayɔ na wò la vɛ nam!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ale Saul trɔ eƒe nɔnɔme hedo awu dzodzro aɖe le eƒe fiawu teƒe. Eyi ɖe ŋɔliyɔla la ƒe aƒe me le zã me kple eƒe subɔla eve. Saul gblɔ na ŋɔliyɔla la be, “Bia gbe gbɔgbɔ aɖe nam eye nàyɔ ame si ŋkɔ mayɔ na wò la nam.”

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 28:8
12 Referans Kwoze  

Ne wogblɔ na mi be, mibia nu ŋɔliyɔlawo kple afakalawo se, amesiwo nɔa ŋɔti me gbee dom, eye wonɔa gbe tem la, ɖe dukɔ mabia nu eƒe Mawu ase oa? De woabia nu kukuawo na agbagbeawoa?


Ale Saul ku le eƒe vodada de Yehowa ŋu kple Yehowa ƒe nya, si me mele ɖe asi o la ta. Ede ŋɔliyɔlawo hã gbɔ ɖabia gbe wo se,


Ke Yosiya metrɔ kɔ le eŋu o, ke boŋ edze avu, be yeawu aʋa kplii, eye meɖo to Nexo ƒe nyawo le Mawu ƒe nya la nu o, eye wòva aʋa wo ge le Megido-bali la me.


Eye Israel-fia gblɔ na Yosafat bena: Maɖo li nye awuwo, eye mayi aʋa la nu, ke wò la wò awuwo nenɔ ŋuwò! Eye Israel-fia ɖɔ li eƒe awuwo heyi aʋa la nu.


Eye Israel-fia gblɔ na Yosafat bena: Maɖɔ li nye awuwo, eye mayi aʋa la nu, ke wò la, wò awuwo nenɔ ŋuwò. Eye Israel-fia ɖɔ li eƒe awuwo heyi aʋa la nu.


Ke esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la: elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi.


Yehowa be: Ɖe ame aɣla ɖe ɣaɣlɛƒe, eye magbe ekpɔkpɔa? Yehowa be: Ɖe menye nyee yɔ dziƒo kple anyigba dzi taŋ oa?


Ke ŋutsua ɖe vu eƒe ɖa me heda ɖe ya me, eye wote Israel-fia le gawua kpeƒe; tete wògblɔ na eƒe tasiaɖam-kplɔla bena: Trɔ, ne nakplɔm tso aʋa la nu, elabena mexɔ abi.


Kɔe ɖo abɔta le wo ŋku me, eye ne blukɔ do la, natsɔe adzoe; tsyɔ nu ŋku me, be magakpɔ anyigba la o; elabena ɖe metsɔ wò ɖo dzesi na Israel ƒe aƒe la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite