Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 27:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye Dawid kple eƒe amewo yi ɖadze Gesuritɔwo, Girzitɔwo kple Amalekitɔwo dzi; elabena woawo na anyigba la dzi tso tititi yi ɖake de Sur kple Egipte-nyigba ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Wonɔa Gesuritɔwo, Girzitɔwo kple Amalekitɔwo, ame siwo nɔ Sur gbɔ le Egipte mɔ dzi tso gbe aɖe gbe ke la ham.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 27:8
22 Referans Kwoze  

Anyigba, siwo kpɔtɔ la, wonye; Filistitɔwo ƒe anyigbawo katã kple Gesuri blibo la,


Ke Israel-viwo menyã Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo o, eyata Gesur kple Maaxat tsi Israel dome vaseɖe egbe.


Eye Efrayim hã menya Kanaanitɔ, siwo nɔ Gezer la ɖa o; eyata Kanaanitɔwo tsi wo dome le Gezer.


Ke Womenya Kanaanitɔ, siwo nɔ Geser la ɖa o, eyata Kanaanitɔwo tsi Efrayim dome vaseɖe egbe, eye wona wowɔ dɔ na wo yaka.


Ke Gesuritɔwo kple Aramtɔwo xɔ Yair-kɔƒeawo le wo si hekpe ɖe Kenat kple eŋu kɔƒewo ŋuti, wole du blaade. Amesiawo katã nye Maxir, si nye Gilead fofo la ƒe viwo.


Elabena esi menɔ Gesur le Aram la, wò dɔla ɖe adzɔgbe bena: Ne Yehowa gakplɔm yi Yerusalem la, ekema miasubɔ Yehowa.


Absalom ɖo ŋu na Yoab bena: Kpɔ ɖa, medo ame ɖe wò be: va, ne made gbe asi na wò aɖo ɖe fia la bena: Nukaŋuti metso Gesur va? Ɖe metsi afima la, ne nyo nam wu! Azɔ meɖi be, makpɔ fia la ŋku me; eye ne vodadaa ɖe le ŋunye la, ekema newum!


Tete Yoab dze mɔ yi Gesur, eye wòkplɔ Absalom va Yerusalem.


Esi Dawid kple eƒe amewo gbɔ va Ziklag le ŋkeke etɔ̃agbe la, kpɔ ɖa, Amalekitɔwo va dze dziehenyigba kple Ziklag dzi, eye wòsi Ziklag hetɔ dzoe.


Esia megbe Amalekitɔwo va wɔ aʋa kple Israel le Refidim.


Emegbe Mose na Israel-viwo ho tso Avaƒu la nu heva Surgbedzi. Eye wozɔ gbea dzi ŋkeke etɔ̃, womekpɔ tsia ɖeke o.


amesi ƒe dziɖuƒe nye Xermon-to, Salxa kple Basan blibo la, vaseɖe Gesuritɔwo kple Maaxati-tɔwo ƒe liƒo ŋu kple Gilead afã heva ke ɖe Sixon, Xesbon-fia, ƒe anyigba ŋu.


Tete Axis yɔ Dawid gblɔ nɛ bena: Meta Yehowa ƒe agbe, ame dzɔdzɔe nènye, eye wò aʋahoho kple gbɔgbɔ kplim dze ŋunye; elabena nyemekpɔ vɔ̃a ɖeke le ŋuwò tso gbesigbe nèva gbɔnye vaseɖe egbe o; ke wò nya metrɔ na amegãwo o.


Evia evelia nye Xileab, si nye Karmeltɔ, Nabal srɔ̃ Abigail tɔ; etɔ̃lia nye Absalom, si nye Gesur-fia, Talmai ƒe vinyɔnu Maaxa ƒe vi.


Eye kpɔ ɖa, Dawid ƒe dɔlawo kple Yoab gbɔ tso adzoʋa, eye wohe aboyonu geɖe gbɔe; ke Abner megale Dawid gbã le Xebron o, elabena eɖoe ɖa wòyi le ŋutifafa me.


Exɔ wo le Aramtɔwo, Moabitɔwo, Amon-viwo, Filistitɔwo kple Amalekitɔwo si hekpe ɖe nusiwo woha le Zoba-fia Hadadezer, Rexob vi si la ŋuti.


Amalekitɔwo le dziehe gome, Xititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo le towo dzi, eye Kanaanitɔwo le ƒu ŋu kple Yordan ƒe go ɖeka


Tete Amalekitɔwo kple Kanaanitɔwo, amesiwo le to sia dzi la, va si wo, eye woka wo hlẽ vaseɖe Xorma ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite