Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 24:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke Dawid gbe nya na eƒe amewo, eye mena ma be, wòadze Saul dzi o; eye Saul tsi tre tso agado la me helé eƒe mo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Tete David do go le agado la me eye wòdo ɣli ɖo ɖe Saul yome be, “Nye aƒetɔ, fia!” Esi Saul nye kɔ kpɔ megbe la, David bɔbɔ de ta agu eye wòmlɔ anyi tsyɔ mo anyi.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 24:8
11 Referans Kwoze  

Eyata azɔ la mitu fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, mìdzɔ nu nɛ; amesi to nye adzɔnana la, mina adzɔe; amesi dze vɔvɔ̃ la, nuvɔ̃e; amesi dze bubu la, mibui.


Saul dze si Dawid ƒe gbe, eye wògblɔ bena: Wò gbeea, vinye Dawid? Dawid ɖo ŋu bena: Nye gbee, nye aƒetɔ fia!


Esi ŋutsuvia dzo la, tete Dawid tsi tre tso dziehe gome, eye wòde ta agu hebɔbɔ zi etɔ̃, eye woɖuɖɔ nu na wo nɔewo heta avi kple wo nɔewo, vaseɖe esime Dawid ƒe gbe sẽ wu.


Bu fofowò kple dawo, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la dzi.


Tete Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu ƒo nu kplii bena:


Mibu amewo katã, milɔ̃ nɔviawo, miyɔ Mawu, mibu fia la.


Eye wògblɔ na eƒe amewo bena: Neɖe megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, mawo nusia ɖe nye aƒetɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu ahade asi eŋu, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.


Emegbe Dawid tso hedo le agado la me, eye wòdo ɣli ɖe Saul yome gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia! Eye Saul nyẽ kɔ, tete Dawid de ta agu, eye wòbɔbɔ.


Eye wòbiae bena: Aleke eƒe nɔnɔme le? Eɖo nu bena: Ame tsitsia ɖe le dodom, eye wòɖo awu ʋlaya. Esi Saul dze sii bena, Samuel ye la, ede ta agu, eye wobɔbɔ.


Tete Bat-Seba bɔbɔ ɖe fia la ŋku me hede ta agu gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia nanɔ agbe tegbee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite