Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 24:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wova alẽkpɔwo gbɔ le mɔ to, afisi agadoa ɖe le, eye Saul yi ɖe eme, be yeade afɔdzi; ke Dawid kple eƒe amewo le agado la ƒe agɔ me gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 David ƒe amewo do dalĩ nɛ be, “Azã la su na wò azɔ. Egbee nye ŋkeke si ŋu Yehowa gblɔ le be, ‘Matsɔ Saul ade wò ŋusẽ te eye nàwɔ nu si dze ŋuwò la kplii!’ ” David wɔ ɖɔɖɔɖɔ eye wòlã Saul ƒe awu ʋlaya to!

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 24:4
13 Referans Kwoze  

Yehowa aɖo amesiame ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nuteƒewɔwɔ teƒe nɛ, elabena Yehowa tsɔ wò de asi nam egbe, eye nyemeɖe asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu o.


Eye Dawid gblɔ na Saul bena: Nukaŋuti nèle amegbetɔ ƒe gbe sem be, Dawid le wò vɔ̃ ɖim?


hegblɔ na Dawid bena: Enye ame dzɔdzɔe wum, elabena èwɔ nyui nam, ke nye la mewo vɔ̃ ɖe ŋuwò!


Eye wògblɔ ne bena: Megavɔ̃ o, elabena fofonye Saul ƒe asi matu wò o, eye wòe le fia ɖu ge ɖe Israel dzi, ke nye la manye evelia anɔ ŋuwò, eye fofonye hã nyae alea.


Eye wova gblɔ na Saul bena: Dawid va Kegila. Tete Saul gblɔ bena: Mawu tsoe de asi nam, elabena eva tu eɖokui ɖe du, si nu agbo kple gameti le la me.


Ɖe aƒenye me tɔwo menɔa gbɔgblɔm bena: Amekae meɖu eƒe lã ɖi ƒo oa?


Eye wotsɔ Is-Boset ƒe ta vɛ na Dawid le Xebron gblɔ na fia la bena: Kpɔ ɖa, wò futɔ Saul vi Is-Boset, amesi le wò ku dim la, ƒe ta enye si; ale Yehowa bia hlɔ̃ Saul kple eƒe dzidzimeviwo na nye aƒetɔ fia egbe sia!


Ne amea ɖe mebua o, gake Mawu to eƒe asi dzi wɔe la, ekema maɖo teƒea ɖe na wò, afisi wòasi ayi.


Eye Dawid dzo le afima hesi yi Adulam-gado la me, eye esi nɔviawo kple fofoaƒemetɔwo katã see la, woyi egbɔ le afima.


Megagblẽ nu o! Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, le esime wòsi le Saul nu yi agado la me.


Dawid ƒe nufiameha, esime wònɔ agado me; gbedodoɖa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite