Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 24:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Abe alesi blematɔwo doa lo ene be: Ame vɔ̃ɖiwo gbɔ nu vɔ̃ɖi tsona! Ke nye asi made ŋuwò o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 “Ame ka ŋutie Israel fia do go ɖo? Ame ka yome tim nèle? Avu kukua? Alo axɔ̃ ɖeka ŋua?

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 24:14
9 Referans Kwoze  

Eyata nye ʋu megage ɖe anyigba ɖe adzɔge tso Yehowa ƒe ŋku ta o, elabena Israel-fia do be, wòadi dosu ɖeka, abe alesi wotia tegli yome le towo dzi ene.


Ke eya de ta agu gblɔ bena: Ameka nye wò dɔla, be nètrɔ ɖokuiwò ɖe nye, amesi nye avũ kuku la ŋu?


Tete Filistitɔ la gblɔ na Dawid bena: Avũe menye, hafi nèfɔ kpowo gbɔna gbɔnyea? Eye Filistitɔ la yɔ eƒe mawuwo ƒo fi de Dawid.


Tete srɔ̃a Izebel gblɔ nɛ bena: Fianue nye esia wɔm nele le Israel? Fɔ, naɖu nu, eye wò dzi nagbɔ ɖe eme! Matsɔ Yezreeltɔ Nabot ƒe weingble la na wò.


Zeruya vi Abisai gblɔ na fia la bena: Nukaŋuti avũ kuku sia anɔ ɖiŋu dom na nye aƒetɔ fia la? Na mayi aɖatso ta le enu!


Tete Abner do dɔmedzoe le Is-Boset ƒe nyawo ta gblɔ bena: Avũ ta menye tso Yuda? Meve fofowò ƒe aƒe kple nɔviawo kpakple xɔlɔ̃awo nu egbea, eye nyemetsɔ wò de asi na Dawid o; eye wòa nèle nya hem de ŋunye le nyɔnu ta fifia?


Esi Dawid yi gbe do ge na eƒemetɔwo la, tete Saul vinyɔnu Mixal va kpe Dawid gblɔ bena: Aleke gbegbe Israel-fia de bubu eɖokui ŋu heɖe ama le eteviwo ƒe dɔlanyɔnuwo ŋku me egbe, abe alesi yakamewo ɖea amae ene!


Miede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble, miexa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, eye mieɖu alakpakutsetse; elabena èle dzi ɖom ɖe wò tasiaɖamwo kple wò aʋawɔla gbogboawo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite