Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 24:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Fofonye, kpɔ ɖa, wò awu ʋlaya nu enye si le asinye; esi melã wò awu ʋlaya nu, eye nyemewu wò o la, nadze sii bena, vɔ̃ alo tame vɔ̃a ɖeke mele menye o, eye nyemewɔ nuvɔ̃a ɖeke ɖe ŋuwò o; ke wò la èle nye agbe ɖim be, yeaɖe ɖa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 “Yehowa nedrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome eye Yehowa neɖo vɔ̃ siwo katã nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò. Ke nye ya nye asi maka ŋutiwò o.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 24:12
17 Referans Kwoze  

Tso afia nam, Mawu, eye nawɔ nye dzre kple dukɔ malɔ̃ame la nam; ɖem tso alakpatɔ kple ame vlo la si me!


Nyemeda voa ɖeke ɖe ŋuwò, hafi wòa nèwɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖe ŋunye hehe, yeawɔ aʋa kplim o. Yehowa, nye ʋɔnudrɔ̃la, nadrɔ̃e na Israel-viwo kple Amon-viwo egbea!


Dawid tɔ. Yehowa, wɔ avu kple amesiwo le avu wɔm kplim, wɔ aʋa kple amesiwo le aʋa wɔm kplim!


Eye Sarai gblɔ na Abram bena: Nu manyomanyo, si teƒe kpɔm mele la, etso gbɔwò. Nye ŋutɔ metsɔ nye kosi na wò; ke azɔ esi wòkpɔ bena, yefɔ fu ko la, eva kpɔ ye ge ɖe ƒomevii. Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le mía kpli wò dome!


esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wokpe fu la, meɖo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe ɖe asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.


Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mo na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena; „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.“


Mawu hlɔ̃biala, Yehowa, Mawu hlɔbiala, do!


Nyee wònyea, anye ne matrɔ ɖe Mawu ŋu, eye matsɔ nye nya ade asi na Mawu,


eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, ŋkeke nenie nye si mèdrɔ̃ ʋɔnu, eye mèbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta le amesiwo le anyigba dzi la si o mahã?


Yehowa aɖo amesiame ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nuteƒewɔwɔ teƒe nɛ, elabena Yehowa tsɔ wò de asi nam egbe, eye nyemeɖe asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu o.


Abraham ƒe Mawu, Naxor ƒe Mawu kple wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la anye ʋɔnudrɔ̃la le mía kpli wò dome. Eye Yakob tsɔ amesi fofoa Isak vɔ̃na la, ka atam.


Ameka gɔ̃ yome Israel-fia la dze, eye ameka yome nètí? Avũ kuku alo dosu ɖeka kolia?


Mawu, amesi bia hlɔ̃ nam, eye wòtsɔ dukɔwo ɖe tenye.


Eye Dawid si tso Nayot le Rama heva ƒo nu kple Yonatan gblɔ bena: Nuka mewo, vo ka meda, eye nuvɔ̃ ka mewo ɖe fofowò ŋu, hafi wòle nye ku dim?


Tete gbɔgbɔ la dze Amasai, si nye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ la dzi wògblɔ bena: Dawid, tɔwò míenye; Isai vi, dziwò míele! Ŋutifafa, ŋutifafa enye tɔwò, eye ŋutifafa nye amesi xɔ na wò la ta, elabena Yehowa, wò Mawu la, xa na wò! Tete Dawid xɔ wo, eye wòtsɔ wo ɖo tatɔwo ɖe aʋakɔwo nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite